1
Yesaya 65:24
Agbenya La
AL
Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.
2
Yesaya 65:17
“Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye. Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi alo woava ame ƒe susu me o
3
Yesaya 65:23
Womadze agbagba dzodzro, alo adzi vi siwo woɖo dzɔgbevɔ̃e ɖi na la o, elabena woanye ame siwo Yehowa yra, woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa.
4
Yesaya 65:22
Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me, alo woade agble ame bubu naɖu o, elabena abe ale si ati tsinae ene la, nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ. Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe.
5
Yesaya 65:20
“Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko, alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o la maganɔ afi ma o. Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku la abe ɖekakpui ene, eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o la, woabui nɛ abe fiƒode ene.
6
Yesaya 65:25
Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene, ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu. Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nu le nye to kɔkɔewo katã dzi o.” Yehowae gblɔe.
7
Yesaya 65:19
Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam. Womagase avifafa kple konyifaɣli le eme azɔ o.