1
Yesaya 63:9
Agbenya La
AL
Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me, eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo. Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta. Efɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me
2
Yesaya 63:7
Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la