1
Yesaya 44:3
Agbenya La
AL
elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.
2
Yesaya 44:6
“Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
3
Yesaya 44:22
Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”
4
Yesaya 44:8
Migadzo nyanyanya o. Migavɔ̃ o. Ɖe nyemeɖe gbeƒã esia, eye megblɔe da ɖi gbe aɖe gbe ke oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe Mawu bubu aɖe gali kpe ɖe ŋunyea? Ao, Agakpe aɖeke megali o.”
5
Yesaya 44:2
Ale Yehowa ame si wɔ wò, ame si me wò ɖe vidzidɔ me, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi, Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla. Yerusalem, ame si metia