1
Yesaya 45:3
Agbenya La
AL
Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ me kple nu xɔasi siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la na wò, ne nànya be nyee nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
2
Yesaya 45:2
Madze ŋgɔ na wò, agbã towo le ŋgɔwò. Magbã akɔbligbowo, eye maŋe gayibɔ ƒe gametiwo.
3
Yesaya 45:5-6
Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã. Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la, amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o.
4
Yesaya 45:7
Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã.
5
Yesaya 45:22
“Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe, mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o.
6
Yesaya 45:1
“Ale Yehowa gblɔ na Sirus, eƒe amesiamina, ame si ƒe nuɖusibɔ melé be matsɔ abɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋkume be maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si, ne maʋu mɔwo le eŋgɔ be agbowo matu le eŋgɔ o.
7
Yesaya 45:23
Nye ŋutɔ meka atam. Nye nu gblɔ nya si mede megbe na, nya si womatrɔ gbeɖe o. Klo sia klo adze nam, eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue.
8
Yesaya 45:4
Le Yakob, nye dɔla kple Israel, nye ame tiatia ta la, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe heda bubuŋkɔ ɖe dziwò, togbɔ be mèdze sim o hã.