1
Yesaya 43:19
Agbenya La
AL
Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm! Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa? Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
2
Yesaya 43:2
Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o
3
Yesaya 43:18
“Miŋlɔ blemanuwo be. Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o.
4
Yesaya 43:1
Ke azɔ la, ale Yehowa, ame si wɔ wò, O! Yakob, eye wòme wò, O! Israel, la gblɔe nye esi, “Mègavɔ̃ o, elabena meɖe wò. Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be tɔnye nènye.
5
Yesaya 43:4
Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la, matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe. Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe.
6
Yesaya 43:3
elabena nye Yehowa, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela. Metsɔ Egipte ƒle tawò, eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.
7
Yesaya 43:5
Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe, eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe.
8
Yesaya 43:25
“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.
9
Yesaya 43:10
Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla si metia be mianya, eye miaxɔ dzinye ase, ase egɔme be nyee. Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o.
10
Yesaya 43:11
Nyee, ɛ̃, nyee. Nyee nye Yehowa. Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
11
Yesaya 43:13
Yehowae gblɔe. “Mianyae be nyee nye Mawu. Ɛ̃, nye koe tso blema ke. Ame aɖeke mate ŋu axɔ ame le asinye o. Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”
12
Yesaya 43:20-21
Gbemelãwo, amegaxiwo kple golowo ade bubu ŋunye, elabena mena tsi do tso gbegbe, eye tɔsisiwo do ɖe kuɖiɖinyigba dzi be mana tsi nye amewo, nye ame tiatiawo, ame siwo mewɔ na ɖokuinye be woaɖe gbeƒã nye kafukafu.
13
Yesaya 43:6-7
Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ, ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.”
14
Yesaya 43:16-17
Ale Yehowa, ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me, ame si ɖe mɔ to tɔsisi gãwo me, ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo, kple kalẽtɔwo ho aʋa, va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o. Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi
15
Yesaya 43:15
Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.”