Zefanya KPƆKPLƆYIÐEME
KPƆKPLƆYIÐEME
Gbeƒãɖela Zefanya ɖe gbeƒã le ƒe 700 lia ƒe nuwuwu lɔƒo do ŋgɔ na Kristo. Edze abe ɖe eƒe gbeƒãɖeɣi nɔ ƒe ewo siwo do ŋgɔ na ƒe 621 lia me do ŋgɔ na Kristo ene. Ƒe ma mee fia Yosiya he tɔtrɔwo va mawusubɔsubɔ me. Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nyati siwo dzi wotɔa asii godoo la le agbalẽa me: Eɖe gbeƒã be dzɔgbevɔ̃e gbɔna, eye nuwo atsrɔ̃. Ɣe ma ɣi la, woahe to na Yuda le eƒe mawu bubuwo subɔsubɔ ta. Aƒetɔ ahe to na dukɔ bubuwo hã. Togbɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe Yerusalem dzi hã la, ɣeyiɣi li gbɔna esime woagbugbɔe atso, eye ɖokuibɔbɔlawo kple ame dzɔdzɔewo anɔ eme.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Aƒetɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe 1.1—2.3
Dukɔ siwo ƒo xlã Israel ɖo xaxa me 2.4-15
Yerusalem ƒe xaxaɣi kple exɔxɔ 3.1-20
Currently Selected:
Zefanya KPƆKPLƆYIÐEME: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.