YouVersion Logo
Search Icon

Zefanya 2

2
Kokoƒoƒo hena dzimetɔtrɔ
1O, mi dukɔ si ŋu mekpena o,
miƒo ƒu ne miabu tame ɖekae
2hafi woalɔ mi ɖe nu
abe nutsro ene,
hafi Aƒetɔ ƒe dziku helihelĩ la
nava mia dzi,
hafi Aƒetɔ ƒe dɔmedzoedogbe
nava mia dzi.
3Midi Aƒetɔ,
mi ame siwo katã bɔbɔa mia ɖokui le anyigba dzi,
eye miewɔa eƒe sewo dzi la.
Midi nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
eye midi ɖokuibɔbɔ.
Ðewohĩ woaɣla mi
le Aƒetɔ ƒe dɔmedzoedogbe.
Baba na dukɔ siwo ƒo xlã Israel
4 # Yes 14.29-31; Yer 47.1-7; Xez 25.15-17; Yoel 3.4-8; Amos 1.6-8; Zax 9.5-7. Ame aɖeke masusɔ ɖe Gaza-du me o,
eye Askalon azu aƒedo.
Woanyà Asdod ŋdɔ kutsu dzatsɛ,
eye woanyà Ekrontɔwo hã woadzo.
5Baba na mi ƒutanɔlawo,
mi Kreta-dukɔmetɔwo!
Aƒetɔ ƒe nya tsi tre ɖe mia ŋu.
Ao, Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba,
matsrɔ̃ mi va se ɖe esime ame aɖeke masusɔ o.
6Ao, ƒutanyigba, ele gbeɖuƒewo zu ge,
azu lãnyiƒewo na alẽkplɔlawo
kple lãkpɔwo na alẽhawo.
7Ame siwo susɔ le Yuda-nyigba dzi la
axɔ ƒutanyigba la.
Woanyi woƒe alẽhawo le afi ma,
eye le fiẽ me la, woatsi aƒe siwo le
Askalon me adɔ.
Elabe Aƒetɔ, woƒe Mawu la, aɖo ŋku wo dzi,
eye wòagbugbɔ woƒe nunyonamewo aɖo te.
8 # Yes 15.1—16.14; 25.10-12; Yer 48.1-47; Xez 25.8-11; Amos 1.13-15; Yer 49.1-6; Xez 21.28-32; 25.1-7; Amos 1.13-15. “Mese ale si Moabtɔwo le alɔ me ɖem,
eye Amonviwo le nya vlowo gblɔm
ɖe nye dukɔ ŋu,
eye wole kakam be
yewole eƒe anyigba xɔ ge.
9 # Mos I, 19.24. Eya ta Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la, be:
“Zi ale si mele agbe la,
Moab azu abe Sodom ene,
eye Amonviwo abe Gomora ene;
anyigba si ayɔ fũu kple ŋuve,
dzeƒee kple gbegbe tegbee.
Ame siwo susɔ le nye dukɔ me la aha wo,
eye ame siwo tsi agbe le nye dukɔ me la,
woaxɔ woƒe anyigba.”
10Esia anye woƒe gome le woƒe dàda ta.
Elabe woɖe alɔ me,
eye woka ɖe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe dukɔ ŋu.
11Aƒetɔ ado ŋɔdzi na wo.
Ẽ, ana dɔ nawu anyigba dzi legbawo katã,
ekem dukɔwo katã ade ta agu nɛ,
ɖe sia ɖe le enɔƒe, le dukɔwo ƒe anyigbawo katã dzi.
12 # Yes 18.1-7. Mi Etiopiatɔwo hã,
nye yi awu mi.
13 # Yes 10.5-34; 14.24-27; Nax 1.1—3.19. Ado asi ɖe dzigbeme atsrɔ̃ Asiria ɖa.
Ana Ninive-du nazu gbegbe,
aƒu kplakplakpla abe kegbegbe ene.
14Anye teƒe si lãhawo kple gbemelã
vovovowo ava tsyɔ akɔ anyi ɖo.
Akaga kple hlɔ̃madewo anɔ woƒe glikpowo me.
Adzexewo anɔ xɔxlɔ̃m le fesre gbagbãwo nu.
Akpaviawo anɔ xɔxlɔ̃m le xɔmɔnuwo
elabe sederʋuƒowo atsi go.
15Esiae nye du si wodo ɖe dzi,
eye wòli bɔkɔɔ.
Egblɔna le eɖokui me be:
“Nye koe, ame aɖeke megali o.”
Ke azɔ la, eva zu gbegbe, gbemelãwo ƒe nɔƒe!
Ame sia ame si ato eŋu la,
ado tsiã, aʋuʋu asi.

Currently Selected:

Zefanya 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in