EKLESIASTIKO 2
2
Nuteƒewɔwɔ na Mawu
1Vinye, ne èva be yeasubɔ Aƒetɔ la la,
dzra ɖokuiwò ɖo na dodokpɔ alo tetekpɔ.
2Nà wò dzi nanɔ te, eye nàtsi tsitre sesĩe,
mègatsi dzi awɔ nu klokloklo le dzɔgbevɔ̃e ɣi o.
3Ku ɖe eŋu, eye mègate ɖa o,
ale be nàkpɔ dzidzedze le wò ŋkeke mamlɛawo me.
4Xɔ nu sia nu si dzɔ ɖe dziwò,
eye le ɣeyiɣi siwo me wobɔbɔ wò ɖe anyi la, gbɔ dzi ɖi.
5 #
Nya 3.5, 6; Pet I, 1.7. Elabe wodoa sika kpɔna, le dzo me,
nenemae wokpɔa ame siwo dze la,
ne woda wo kpɔ le bɔbɔɖeanyi ƒe kpodzo me
*le dɔléle kple ahedada me la, ɖo dzi ɖe eŋu.
6Ɖo dzi ɖe eŋu, eye akpe ɖe ŋuwò;
nà wò mɔwo nadzɔ, eye nàkpɔ mɔ nɛ.
7Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la la, milala eƒe nublanuikpɔkpɔ;
migatra o, ne menye nenemaa o la, miadze anyi.
8Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la la, miɖo dzi ɖe eŋu
eye miaƒe fetu mabu o.
9Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la la, mikpɔ mɔ na nu nyuiwo,
mikpɔ mɔ na dzidzɔkpɔkpɔ kple nublanuikpɔkpɔ mavɔ.
Elabe eƒe teƒeɖoɖo nye nunana mavɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ.
10Bu dzidzime xoxoawo ŋu nàkpɔ ɖa:
ɖe ame aɖe ɖo dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu, eye nu medze dzi nɛ oa?
Alo ɖe ame aɖe ku kutri le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye wògblee ɖia?
Alo ɖe ame aɖe yɔe kpɔ eye wòdo tokuia?
11Elabe Aƒetɔ la ƒe dɔme trɔna, eye wòkpɔa nublanui;
etsɔa nuvɔ̃ kena, eye wòxɔna na ame le xaxaɣi.
12Baba na dzi siwo vɔ̃na, baba na alɔ gblɔdɔwo
kple nuvɔ̃wɔla si zɔa mɔ eve dzi!
13Baba na ame siwo ƒo dzi ɖe le, eye womeɖoa dzi ɖe naneke ŋu o!
Eya ta sitsoƒe aɖeke manɔe na wo o.
14Baba na wò, ame si le vɔvɔ̃m!
Nu ka nàwɔ ne Aƒetɔ la ƒe akɔntanagbe ɖo?
15 #
Nya 6.18; Yoh 14.15, 21, 23. Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la, la migado toku eƒe nyawo o,
eye mi ame siwo lɔ̃e, milé eƒe mɔwo ɖe asi.
16Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la, la midi nu si adze eŋu la wɔwɔ.
Ame siwo lɔ̃e la, eƒe se la yɔ wo me taŋ.
17Ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la la dzraa woƒe dzime ɖo,
eye wobɔbɔa wo ɖokui le eŋkume.
18Mina míage ɖe Aƒetɔ la ƒe asi me,
ke menye gbetɔ kukua ƒe asi me o;
elabe eƒe fianyenye sɔ kple nublanuikpɔkpɔ,
eye eŋkɔ sɔ kple eƒe dɔwɔwɔwo.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.