Rut 2
2
Rut fɔ lu le Boaz ƒe agble me
1Azɔ Naomi srɔ̃, Elimelex, ƒe ƒometɔ aɖe li si ŋkɔe nye Boaz. Alɔ me le esi ŋutɔ. 2#Mos III, 19.9, 10; Mos V, 24.19. Gbe ɖeka Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi be: “Na mayi agble aɖafɔ lu si ge ɖe amewo yome la. Ðewohĩ ame aɖe anyo dɔme nam be mafɔe le ye yome.” Naomi ɖo eŋu be: “Vinye, heyi.” 3Ale Rut yi agblea, eye wònɔ luxalawo yome. Eva eme be agble si me Rut yi la nye Elimelex ƒe ƒometɔ, Boaz tɔ. 4Tete Boaz tso Betlehem va ɖo. Edo gbe na luxalawo be: “Aƒetɔ la nenɔ kpli mi!” Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ la neyra wò!” 5Azɔ Boaz bia eƒe dɔla si le dɔwɔlawo dzi kpɔm la be: “Ame ka ƒe nyɔnuvie nye ema?” 6Dɔdzikpɔla la ɖo eŋu be: “Moab-nyɔnuvi si gbɔ kple Naomi tso Moab-nyigba dzi lae. 7Eva bia be yeanɔ luxalaawo yome anɔ lu si ge ɖi la fɔm. Tso ŋdi kanya, esi wòva la, dɔ dzi ko wòle; megbɔ ɖe eme vie hã kpɔ o.”
8Tete Boaz gblɔ na Rut be: “Vinye, see ɖa. Mègadzo le agble sia me yi lufɔƒe le bubu me o, ke nɔ nye dɔlanyɔnuwo yome. 9Lé ŋku ɖe agble si me wole lua xam le la ŋu, eye nànɔ wo yome. Megblɔ na dɔwɔlaawo be wo dometɔ aɖeke nagaɖe fu na wò o. Ne tsikɔ le wuwòm la, yi ɖe ze siwo me dɔwɔlaawo du tsi ɖo la gbɔ, nàno tsi.” 10Tete Rut de ta agu tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ nɛ be: “Ale ke wɔ wò dɔme trɔ ɖe nye amedzro ŋu, eye nèlé ŋku ɖe ŋunye ale?” 11Ke Boaz ɖo eŋu nɛ be: “Wogblɔ nu siwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò tso esime srɔ̃wò ku la nam keŋ. Wobe ègblẽ nɔwò kple tɔ́wò kpakple mia denyigba ɖi, eye nèva dukɔ si me tɔwo mènya tsã kura o la me. 12Aƒetɔ neɖo nu si nèwɔ la teƒe na wò. Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu si nèva sí tso la nexe fetu dedee na wò.” 13Tete Rut gblɔ nɛ be: “Nye Aƒetɔ, ève nunye ŋutɔ elabe èfa akɔ nam, eye nèƒo nu dɔmenyotɔe na wò dɔlanyɔnu; togbɔ be nyemenye wò dɔlanyɔnuwo dometɔ aɖeke o hã.”
14Esi nuɖuɣi ɖo la, Boaz gblɔ nɛ be: “Va ɖu nu le afii. Tsɔ abolo nàtɔ ataditsia me nàɖu.” Ale Rut nɔ anyi ɖe luxalaawo xa, eye Boaz tsɔ bli memee nɛ. Eɖu nua ɖi ƒo nyuie, eye ɖe gasusɔ. 15Esi Rut tsi tsitre be yeayi lua fɔfɔ dzi la, Boaz gblɔ na dɔwɔlaawo be: “Mina ne wòafɔe le esi wobla da ɖi la dome, eye miganyra ɖee o. 16Hekpe ɖe esia ŋu la, milũ ɖewo le bablaawo me da ɖi nɛ wòava fɔ. Miganyra ɖee o.”
17Ale Rut fɔ lu le agblea me ʋuu va se ɖe fiẽ. Azɔ la, eƒo esi wòfɔ la ƒu, eye wòkpɔ lu abe kilo ewo ene. 18Etsɔe yi aƒeme ɖafia lɔ̃xoa. Eɖe nu si wòɖu susɔ la hã nɛ. 19Lɔ̃xoa biae be: “Afi ka nèyi ɖafɔ lua le egbe? Afi ka nèwɔ dɔ le? Mawu neyra ame si tsɔ le eme na wò.” Ale Rut gblɔ ame si gbɔ wòde ɖawɔ dɔ la na lɔ̃xoa. Ebe: “Ŋutsu si gbɔ mede ɖawɔ dɔ egbe la ŋkɔe nye Boaz.” 20#Mos III, 25.25. Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be: “Aƒetɔ, ame si nyoa dɔme na agbagbeawo kple kukuawo siaa la, neyrae.” Naomi yi edzi gblɔ nɛ be: “Míaƒe ƒometɔ kpamkpam ye nye ŋutsua. Ame siwo wòle be woaxɔ na mí la dometɔ ɖekae.” 21Rut gblɔ nɛ be: “Gawu la, ŋutsua gblɔ be manɔ yeƒe dɔlawo ŋu va se ɖe esime woaŋe nu le agble bliboa me vɔ.” 22Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia Rut be: “Vinye, enyo ŋutɔ be nànɔ eƒe dɔlanyɔnuwo ŋu, ne ame aɖeke nava wɔ fu wò le agble bubu me o.” 23Ale Rut nɔ Boaz ƒe dɔlanyɔnuawo ŋu nɔ lu kple ƒo fɔm va se ɖe esime nuŋeɣi la wu nu. Enɔ lɔ̃xoa gbɔ.
Currently Selected:
Rut 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.