Bible App logo
Search Icon

Rut 1

1
Elimelex kple eƒe ƒome ʋu yi Moab-nyigba dzi
1Esime ɖelawo nɔ dzi ɖum le Israel-dukɔ me la, dɔ to le anyigba la dzi. Ale ŋutsu aɖe si tso Betlehem le Yuda la ʋu kple srɔ̃a kpakple via ŋutsuvi eveawo, eye woyi ɖe Moab-nyigba dzi. 2Ŋutsua ŋkɔe nye Elimelex, eye srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi. Via ŋutsuvi eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Xilion. Wotso Efrata-ƒome me le Betlehem le Yuda, eye woʋu yi ɖanɔ Moab-nyigba dzi. 3Ke Elimelex, Naomi srɔ̃, ku, eye wògblẽ srɔ̃a kple via ŋutsuvi eveawo ɖi. 4Ŋutsuvi eve siawo ɖe Moab-nyɔnuwo; ɖeka ŋkɔe nye Orpa, eye evelia ŋkɔe nye Rut. Wonɔ afi ma abe ƒè ewo ene, 5eye Maxlon kple Xilion va ku. Ale Naomi tsi anyi, eye wòzu vimanɔsitɔ kple ahosi.
Naomi trɔ gbɔ va Betlehem kple Rut
6Esi Naomi se le Moab be dɔa ke le wo de elabe Aƒetɔ ganyo dɔme na wo, ale be nuɖuɖu gabɔ la, edzra ɖo be yeatrɔ ayi aƒe kple lɔ̃xoyɔviawo. 7Ale wòdze mɔ tso afi si wònɔ la kple lɔ̃xoyɔvi eveawo hetrɔ yina Yuda-nyigba dzi. 8Ke Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be: “Mitrɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi nɔa ƒeme. Aƒetɔ nenyo dɔme na mi abe ale si miawo hã mienyo dɔme na nye kple ameyinugbeawo ene. 9Aƒetɔ neve mia dometɔ ɖe sia ɖe nu be miakpɔ atsuƒe anɔ.” Tete wògbugbɔ nu na wo, eye wode asi avifafa me sesĩe, 10eye wogblɔ nɛ be: “Gbeɖe, míatrɔ ayi mia de kpli wò.” 11Ke Naomi gblɔ be: “Vinyewo, mitrɔ. Nu ka tae miebe yewoayi kplim? Ɖe vi gale dɔme nam, magadzi ŋutsuviwo miava ɖea? 12Vinyewo, mitrɔ; migbugbɔ yi ko elabe metsi to srɔ̃ɖeɖe me yi xoxo. Azɔ nenye be mɔkpɔkpɔ ɖe wògali nam gɔ̃ hã ɖe, ne meɖe srɔ̃ zã sia me dzi ŋutsuviwo hã la, 13ɖe miaxa ɖe wo ta anɔ lalam ʋuu, va se ɖe esime woatsi miaɖea? Ðe miatsi srɔ̃maɖemaɖe le wo taa? Kpao, vinyewo! Mia tɔ koe le veyem be Aƒetɔ wɔ num vevie alea.” 14Tete wogafa avi sesĩe. Emegbe Orpa gbugbɔ nu na lɔ̃xoa, hetrɔ, ke Rut ya ku ɖe eŋu goŋgoŋ.
15Naomi gblɔ nɛ be: “Kpɔ nɔviwò ɖa! Etrɔ yina wo detɔwo kple eƒe mawuwo gbɔ. Wò hã trɔ nàdze eyome.” 16Ke Rut ɖo eŋu nɛ be: “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo agbugbɔ le yowòme o. Elabe afi si nàyi la, afi ma ko nye hã mayi; afi si nànɔ la, afi ma ko nye hã manɔ; wò dukɔ anye nye dukɔ; wò Mawu anye nye Mawu; 17afi si nàku ɖo ko nye hã maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Aƒetɔ nena wòaɖi ŋunye, agaɖi ŋunye ake, ne menye ku koe aklã nye kple wò dome o fĩi!” 18Azɔ esi Naomi kpɔ be Rut ɖoe kplikpaa be yeayi kple ye kokoko la, edzudzɔ eƒoƒo ɖe enu.
19Ale wo ame eve la zɔ ʋuu va ɖo Betlehem. Esi wova ɖo Betlehem la, du bliboa ƒo zi ɖe wo ŋu. Nyɔnuwo nɔ gbɔgblɔm be: “Ao, Naomie nye esia?” 20Ke eɖo eŋu na wo be: “Migayɔm be Naomi o; miyɔm be Mara boŋ, elabe Ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm vevie. 21Nunɔamesitɔ menye yi nua gbe, ke Aƒetɔ kplɔm gbɔe asi ƒuƒlu. Nu ka tae miegale yɔyem be Naomi esime Aƒetɔ wɔ nu vevim, eye Ŋusẽkatãtɔ la na dzɔgbevɔ̃e va dzinye?”
22Ale Naomi trɔ gbɔ kple lɔ̃xoyɔvia Rut, si nye Moabtɔ tso Moab-nyigba dzi la, nye esi. Wova ɖo Betlehem esime luŋeɣi dze egɔme.

Currently Selected:

Rut 1: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in