Romatɔwo 14:17-18
Romatɔwo 14:17-18 EB14
Elabe Mawu ƒe fiaɖuɖu le míaƒe agbenɔnɔ me, meku ɖe nu si ame naɖu kple nu si ame nano la ŋu o. Ke nu siwo ŋu wòku ɖo lae nye: nu dzɔdzɔe si Mawu di be ame nawɔ, ame nanɔ ŋutifafa me kple Mawu kple ame nakpɔ dzidzeme; Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae hea nu siawo vanɛ. Ame si subɔa Kristo le nu siawo me la, eya ƒe nue nyoa Mawu ŋu, eye eya ŋue amegbetɔwo hã dea bubui.





