Skip to content

Psalmowo 78

78
Mawu kple eƒe dukɔ
(Asaf ƒe nufiamehae)
1Nye dukɔ, miɖo to
miase nye nufiafia.
Mitrɔ to ɖe nye numenyawo ŋu!
2 # Mat 13.35. Make nu le lododo me,
maɖe blemanya ɣaɣlawo ɖe go.
3Nya siwo míese henya,
eye mía tɔgbuiwo tsɔ wo
tu xo na mí la woe.
4Mímaɣla wo ɖe wo viwo o;
ke boŋ míaxlẽ nu siwo ta
wòdze be woakafu Aƒetɔ
kple eƒe ŋusẽ kpakple nukunu
siwo wòwɔ la afia
dzidzime siwo gbɔna la.
5Eɖo ɖaseɖiɖi gɔme anyi ɖe Yakob,
eye wòde se le Israel.
Egblɔ na mía tɔgbuiwo
be woafia nu siawo wo viwo,
6ale be dzidzime siwo le wo yome gbɔna,
siwo nye vi siwo medzɔ haɖe o la,
hã nanya wo,
eye woawo hã naxlẽ wo afia wo viwo.
7Ale be woada woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Mawu dzi,
eye womaŋlɔ dɔ siwo Mawu wɔ la be o.
Ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi.
8Woawo ya womeganɔ abe wo tɔgbui
siwo nye dzidzime sẽto, dzeaglã;
dzidzime si ƒe dzi meli ke o,
esi ƒe gbɔgbɔ mewɔ nuteƒe
na Mawu o la ene o.
9Efrayim viwo tsɔ da kple dati bla,
sí dzo le aʋadzɔgbe.
10Womewɔ nu, si wobla kple Mawu la dzi o;
ke wogbe zɔzɔ ɖe eƒe se nu.
11Woŋlɔ nu siwo wòwɔ
kple nukunu siwo wòɖe fia wo la be.
12 # Mos II, 7.8—12.32. Ewɔ nukunu le wo tɔgbuiwo
ŋkume wokpɔ,
le Egipte-nyigba dzi
kple Zoan-gbegbe.
13 # Mos II, 14.21, 22. Ema atsiaƒu me ɖe eve,
eye wòna woto eme yi.
Ena tsi dzɔ ka abe gli ene.
14 # Mos II, 13.21, 22. Le ŋkeke me la, ekplɔ wo kple alilikpo,
eye le zã blibo me la, etsɔ dzo keklẽ kplɔ woe.
15Efé agakpewo me le gbedadaƒo,
eye wòna tsi do bababa,
abe anyigba tume wòtso ene, na wo.
16 # Nya 16.1—19.22. # Mos II, 17.1-7; Mos IV, 20.2-13. Ena tɔwo ŋɔ tso agakpe me,
eye wòna tsiwo sí abe tɔsisiwo ene.
17Ke woyi edzi ganɔ nuvɔ̃ wɔm ɖe eŋu.
Wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu
le kegbegbe.
18 # Mos II, 16.2-15; Mos IV, 11.4-23, 31-35. Wote Mawu kpɔ le dzime,
bia nuɖuɖu si dzro wo lae.
19Wogblɔ ɖe Mawu ŋu be:
“Ɖe Mawu ate ŋu aɖo nuɖukplɔ̃ na mí
le gbedadaƒoa?
20Eƒo agakpe, tsi do bababa,
eye tɔwo ɖɔ gbagba.
Ɖe wòate ŋu ana abolo
alo lã hã eƒe dukɔa?”
21Eya ta esi Aƒetɔ see la,
dɔme vee ŋutɔŋutɔ,
eye wòna dzo fiã Yakob.
Edo dziku helihelĩ ɖe Israel ŋu,
22elabe womexɔ Mawu dzi se o,
eye womexɔe se be,
eƒe ŋusẽ xɔna na ame o.
23Ke hã eɖe gbe na dziŋgɔli,
eye wòʋu dziƒoʋɔtruwo.
24 # Nya 16.20-29; Yoh 6.31. Ena dziƒobliku wo,
eye wòdudu mana ɖe wo dzi
abe tsidzadza ene, woɖu.
25Ale gbetɔ hã ɖu mawudɔlawo ƒe abolo!
Ena nuɖuɖu wo fũu.
26Ena ɣedzeƒeya ƒo tso dziƒo,
eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kplɔ anyigbemeya vɛ.
27Ena adelã dza ɖe wo dzi
abe ʋuʋudedi ene;
xewo dza
abe ƒutake ene.
28Ena woge dze woƒe asaɖa la titina,
ƒo xlã wo nɔƒewo godoo.
29Ale woɖu lã ɖi ƒo nyuie,
elabe ena nu si dzro wo la wo.
30Ke hafi woƒe nudzroame la naɖi ƒo na wo
esime nuɖuɖua ganɔ woƒe nu me la,
31Mawu do dziku ɖe wo ŋu,
wu ame sesẽwo le wo dome,
eye wòƒo ɖekakpui akuakuawo
ƒu anyi le Israel.
32Togbɔ be nu siawo dzɔ hã,
woganɔ nuvɔ̃ wɔm ko.
Togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la,
womexɔ edzi se o.
33Ale wòna woƒe ŋkekewo bu
abe ya si wogbɔ ene,
eye woƒe ƒewo bu le ŋɔdzi me.
34Esi wòwu wo la,
wodi eƒe mɔ.
Wotrɔ dzime,
eye wodi Mawu vevie.
35Woɖo ŋku edzi be,
yewoƒe Agakpee nye Mawu;
Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye yewo Ɖela.
36Ke wotsɔ nu flui,
eye woblee kple woƒe aɖe.
37 # Dɔw 8.21. Woƒe dzi meku ɖe eŋu o.
Womewɔ eƒe nubabla dzi
le anukware me o.
38Ke esi eya nye nublanuikpɔla ta la,
etsɔ woƒe vodada ke wo,
eye metsrɔ̃ wo o.
Zi geɖe ne edo dziku la,
eléa eɖokui,
eye mewɔa nu si wòɖo la katã
le dɔmedzoe me o.
39Eɖo ŋui be ŋutilã ko wonye;
ya si ƒona yina,
eye megagbɔna o la wonye.
40Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu
le gbedadaƒo o!
Zi nenie womedo dziku nɛ
le kegbegbe o!
41Wotee kpɔ, gatee kpɔ,
eye wodo dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
42Womeɖo ŋku eƒe ŋusẽ dzi loo,
alo gbe si gbe wòɖe wo
tso ketɔ la si me,
43esime wòwɔ eƒe dzesiwo le Egipte
kple eƒe nukunuwo le Zoan-gbewo dzi o.
44 # Mos II, 7.17-21. Etrɔ woƒe tɔsisiwo wozu ʋu,
ale be womete ŋu no wo me tsi o.
45 # Mos II, 8.20-24; Mos II, 8.1-6. Eɖo togbatowo ɖe wo dome,
woɖu wo;
eɖo akpɔkplɔwo ɖa,
wogblẽ nu.
46 # Mos II, 10.12-15. Ena ʋetrawo ɖu woƒe agblemenukuwo,
eye ʋetsuviwo gblẽ woƒe nuku,
siwo ŋu wokpe fu ɖo la.
47 # Mos II, 9.22-25. Etsrɔ̃ woƒe wainkawo kple tsikpe
kple woƒe sikamortiwo kple ketsi.
48Ewu woƒe nyihawo kple tsikpe,
eye wòwu woƒe alẽhawo kple dziɖegbe.
49Eɖe asi le dziku helihelĩ,
dɔmedzoe, nyanyra kple xaxa ŋu ɖe wo dzi
abe dɔla gblẽnuwo ƒe ha ene.
50Eɖe mɔ na eƒe dziku;
meɖe wo le ku nu o,
ke boŋ etsɔ woƒe agbe de asi
na dɔ vɔ̃.
51 # Mos II, 12.29. Ewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte,
woƒe ŋusẽ ŋgɔgbetɔ
le Xam ƒe agbadɔwo me.
52 # Mos II, 13.17-22. Tete wòkplɔ eƒe dukɔ
abe alẽwo ene dzoe,
eye wònɔ wo ŋu le gbedadaƒo
abe alẽhawo ene.
53 # Mos II, 14.26-28. Ekplɔ wo dedie
ale be womevɔ̃ o;
ke atsiaƒu nyè tsyɔ woƒe futɔwo ya dzi.
54 # Mos II, 15.17; Yos 3.14-17. Ekplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la dzi,
va to, si dzi eƒe nuɖusi ɖu dzi le la.
55 # Yos 11.16-23. Enyà dukɔwo ɖa le wo ŋgɔ;
ema woƒe anyigbawo na wo wozu wo tɔ,
eye wòna Israel-toawo tu woƒe agbadɔwo
ɖe wo dzi.
56 # Ɖel 2.11-15. Ke wote Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la kpɔ,
eye wodze aglã ɖe eŋu.
Womelé ŋku ɖe eƒe ɖaseɖiɖiawo ŋu o;
57ke wotrɔ megbe dee
hegbe nuteƒewɔwɔ nɛ
abe wo tɔgbuiawo ke ene.
Woƒo asa nɛ
abe dati si dzi womate ŋu aka ɖo o la ene.
58Elabe wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ,
eye wona wòʋã ɖe woƒe legbawo ŋu.
59Esi Mawu va nya la,
edo dɔmedzoe vevie,
eye wògbe Israel keŋkeŋ.
60 # Yos 18.1; Yer 7.12-14; 26.6. Egblẽ enɔƒe si le Silo,
agbadɔ si me wònɔna
le amegbetɔwo dome la, ɖi.
61 # Sam I, 4.4-22. Etsɔ eƒe ŋusẽ de aboyo me
kple eƒe atsyɔ̃ na ketɔ la.
62Etsɔ eƒe dukɔ de asi na aʋawɔwɔ,
eye wòdo dɔmedzoe
ɖe eƒe domenyinu la ŋu.
63Dzo fiã woƒe ɖekakpuiwo,
eye womedzi srɔ̃ɖeha
na woƒe ɖetugbiwo o.
64Woƒe nunɔlawo tsi yi nu le aʋa me,
eye konyifafa bu ɖe woƒe ahosiwo.
65Tete Aƒetɔ la tso,
abe alɔ̃ me wònyɔ tso ene,
abe ame sesẽ si wain na wòle ɣli dom ene.
66Enyà eƒe futɔwo wotrɔ dzo;
edo ŋukpe mavɔ wo.
67Egbe Yosef ƒe agbadɔ,
eye metia Efrayim-to la o.
68Ke boŋ etia Yuda-to,
Zion-to si wòlɔ̃ la.
69Etu eƒe kɔkɔeƒe la wòkɔ
abe dziƒowo ene,
eye wòɖo egɔme anyi
abe anyigba ene tegbee.
70 # Sam I, 16.11, 12; Sam II, 7.8; Kron I, 17.7. Etia eƒe dɔla David,
eye wòkplɔe tso alẽhawo gbɔe.
71Eɖee le alẽ vi nɔwo yome
bene wòava nye kplɔla
na eƒe dukɔ, Yakob
kple Israel, eƒe domenyinu.
72Ekpɔ wo dzi kple dzi dzɔdzɔe,
eye wòkplɔ wo le aɖaŋu me.