Salomo ƒe Lododowo 9
9
Nunya kple bometsitsi
1Nunya tu xɔ;
eɖo sɔti adrẽ ɖe eŋu.
2Etso eƒe lãwo;
etɔtɔ eƒe wain vovovoawo,
eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.
3Edɔ eƒe dɔlanyɔnuviwo ɖa,
ne woaɖado kpo
le dua ƒe kɔkɔƒewo be:
4“Mi ame manyanuwo,
miva dze afii!”
Egblɔ na movitɔwo be:
5“Miva ɖu nu,
ne miano nye wain si medzro la.
6Miɖe asi le bometsitsi ŋu,
ne mianɔ agbe;
milé gɔmesese
ƒe mɔ tsɔ tẽe!”
7Ame si le fewuɖula ɖɔm ɖo la,
ɖe wodzunɛ;
ame si le mo kam na ŋutasẽla la,
nu vevie wɔnɛ.
8Mègaka mo na fewuɖula o;
fu ko wòalé wò;
ke ne èka mo na nunyala la,
alɔ̃ wò.
9Fia nu nunyala,
aganya nu ɖe edzi.
Fia nu ame dzɔdzɔe,
agadzi eƒe nunya ɖe edzi.
10 #
Hiob 28.28; Ps 111.10; Lod 1.7. Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze;
sidzedze Kɔkɔetɔ lae nye nugɔmesese.
11Elabe to dzinye la,
woadzi wò ŋkekewo ɖe edzi,
eye woatsɔ ƒè akpe ƒè na wò.
12Ne èdze nunya la,
ènya nu na ɖokuiwò,
eye ne èɖu fewu la,
wò ɖekae akpe fu.
13Nyɔnu movitɔe doa aƒa;
gboloe, ŋu mekpenɛ o.
14Enɔa zikpui dzi
le eƒe ʋɔtru nu;
enɔa zikpui dzi
le dua ƒe kɔkɔƒewo,
15henɔa ame siwo va yina la,
yɔm be:
16“Movitɔ, va dze afii!”
Egblɔna na numanyala be:
17“Tsi si wofi la, ɖe wòvivina.
Vivimenuɖuɖu ɖe wòle ŋanaŋana!”
18Ke menya
be ŋɔliwo le afi ma,
eye eƒe ame kpekpeawo
le Aʋlime o.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 9: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.