Salomo ƒe Lododowo 5
5
Nyagbename le ahasiwɔwɔ ŋuti
1Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu;
ƒu to anyi ɖe nye nugɔmesese ŋu,
2bene nàwɔ nu nunyatɔe,
eye wò numenya nalé sidzedze ɖe te.
3Elabe nya si dona le nyɔnu ahasitɔ nu la,
le abe anyitsi si le tsyɔtsyɔm la ene,
eye eƒe nuƒo zrɔ̃ lalalã wu ami;
4ke le nuwuwu la, eva vena wu tsa,
eye wòɖana abe adekpui nuevee.
5Eƒe afɔ ɖia abu yia ku gbɔ,
eye eƒe afɔtoƒe ɖoa ta tsiẽƒe.
6Metoa agbemɔ dzi tẽe yina o,
etsaa tsa glalã;
ke eya ŋutɔ menyana o.
7Eya ta vinyewo, miɖo tom,
eye migate ɖa le nye numenyawo gbɔ o.
8Miƒo asa na nyɔnu sia tɔgbe!
Migagogo eƒe ʋɔtru gɔ̃ hã o,
9ne menye nenem o la,
miatsɔ miaƒe bubu ana ame tutɔwo,
miaƒe ƒewo ana ŋutasẽlawo.
10Ne menye nenema o la,
amedzrowo aɖu miaƒe kesinɔnu aɖi ƒo,
eye nu si miedagba kpɔ la,
ayi ame manyamanya ƒeme.
11Le wò agbe ƒe nuwuwu,
ne wɔna vɔ le wò ŋutilã kple wò ameti bliboa ŋu la, àɖe hũ,
12agblɔ be:
“Ao, melé fu hehexɔxɔ!
Nye dzi do vlo mokaname.
13Megbe nye nufialawo ƒe gbesese;
nyemelé to ɖe woƒe nufiame ŋu o.
14Dzɔgbevɔ̃e ɖi kpem kloe,
le ameha siwo ɖi anyi la dome.”
15No tsi tso wò ŋutɔ wò tsido me#5.15: No tsi tso wò ŋutɔ wò tsido me: Egɔmee nye nɔ anyi kple srɔ̃wò ɖeɖe ko.;
no tsi nyui si le dzidzim
tso wò ŋutɔ wò vudo me.
16Ɖe wò tsidzidziwo agbagba ɖe mɔ mea?
Ɖe wò tɔʋuwo atsa le ablɔwo dzia?
17Na woanye wò ɖeɖe ko tɔ,
menye wò kple amedzrowo tɔ o.
18Wò vudo nanye yayra,
eye nàkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
19Zi nyakpɔ, zinɔ dzetugbe wònye.
Na eƒe no nade dzo lã me na wò ɖaa;
eƒe lɔlɔ̃ namu wò ɣe sia ɣi.
20Ke vinye, nu ka ta nyɔnu bubu atɔtɔ wò
abe ɖe nèmu aha ene?
Nu ka ta nàlé gbolo
amia ɖe ɖokuiwò ŋu?
21Gbetɔ ƒe toƒe le nyanya na Aƒetɔ,
eyae taa eƒe mɔwo katã nɛ.
22Ame vɔ̃ɖi ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwoe lénɛ,
eye eƒe nuvɔ̃woe blanɛ.
23Hehexɔxɔ manɔmee la, ame ɖe wòkuna,
eye bometsitsi vivivo kplɔa ame tranae.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 5: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.