Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 4

4
Nunya ƒe viɖe
1Viwo, mise vi tɔ́ aɖe ƒe nufiame;
milé to ɖe eŋu nyuie
ne miase nu gɔme.
2Elabe aɖaŋu nyui ɖom mele na mi;
migaɖe asi le nye nufiame ŋu o.
3Esi menye viŋutsuvi dzaa na tɔ́nye
kple vi ɖekɛ na nɔnye la,
4tɔ́nye fia num.
Egblɔ nam be:
“Lé nye nyawo ɖe tame nyuie.
Wɔ nye sededewo dzi, ne nànɔ agbe.
5Di nunya! Di gɔmesese!
Mègaŋlɔ nye numenya be o,
eye mègagblẽ wo ɖi o.
6Mègaɖe asi le nunya ŋu o,
ekema adzra wò ɖo.
Lɔ̃e, ekema adzɔ ŋuwò.
7Nunya ƒe gɔmedzedze nye esi:
Di nunya.
Le nu sia nu si le asiwò dome la,
gɔmesese nanye vevitɔ.
8Bui nu xɔasii,
ne wòado wò ɖe dzi.
Ade bubu ŋuwò
ne èkpla asi kɔ nɛ.
9Atsɔ tablanu dzeani abla ta na wò,
atsɔ fiakuku nyakpɔ aɖɔ na wò.”
10Vinye, se nye nyawo, ne nàxɔ wo,
bene nànɔ agbe, axɔ ƒè geɖee.
11Nunyamɔ mefia wò.
Toƒe dzɔdzɔe mekplɔ wò toe.
12Ne èle zɔzɔm la,
naneke maɖo ata me na wò o.
Ne èle du dzi hã,
màkli nu o.
13Lé nu si wofia wò la me ɖe asi sesĩe;
mègaɖe asi le eŋu o.
Dzɔ eŋu, elabe eyae nye wò agbe.
14Mègato ame vɔ̃ɖiwo ƒe afɔtoƒe o;
mègazɔ afi si nu vlo wɔlawo zɔna o.
15Gbe nu le mɔ ma gbɔ, mègato edzi o.
Dze to mɔ bubu nàdzo.
16Elabe woawo la, ne womewɔ vɔ̃ o kpaa,
womedɔa alɔ̃ o;
ne womeƒu ame anyi o la,
alɔ̃ buna ɖe wo.
17Nu vɔ̃ɖi wɔwɔe nye woƒe nuɖuɖu;
ŋutasesẽe nye woƒe aha wonona.
18Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ya le
abe agudzedze ene.
Eklẽna gaklẽna ɖe edzi,
va se ɖe esime ŋu kena keŋ.
19Ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ
le abe blukɔ tsiɖitsiɖi ene;
womenya nu si kli ge woala o.
20Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu.
Ƒu to anyi ɖe nya si gblɔm
mele na wò la ŋu.
21Mègana woadzo le wò ŋku dzi o;
dzra wo ɖo ɖe wò dzime ke.
22Elabe agbe wonye
na ame siwo ke ɖe wo ŋu;
woyɔa dɔ ameti blibo la.
23Nɔ ŋudzɔ vevie le wò dzi ŋu,
elabe ŋudzɔnɔnɔ me agbe dona tso.
24Tsri alakpadada na wò nu,
eye nàte wò nuyi ɖa tso aʋatsokaka gbɔ.
25Na wò ŋku nakpɔ ŋgɔ tẽe;
kpɔ ŋgɔ tututu.
26 # Heb 12.13. Ɖe toƒe dzɔdzɔe na ɖokuiwò,
eye kakaɖedzi anɔ wò mɔwo katã ŋu.
27Mègadze ɖe ɖusi alo miame o.
Te ɖa tso vɔ̃ gbɔ.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 4: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in