Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 3

3
Nuxlɔ̃amenya na sɔhɛwo
1Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o,
ke na wò dzi nadzra nye sewo ɖo.
2Elabe woadzi wò agbe me ŋkekewo ɖe edzi,
wò ƒèwo asɔ gbɔ, eye nàkpɔ ŋutifafa.
3Mègadzudzɔ nuteƒewɔwɔ kple nyateƒetoto gbeɖe o.
Tsɔ wo de kɔ;
ŋlɔ wo ɖe wò dzi ŋu.
4 # Luk 2.52. Ale Mawu kple amegbetɔwo ave nuwò,
eye woakpɔ ŋudzedze le ŋuwò.
5Ɖo ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu
kple wò dzi blibo.
Mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ
wò nugɔmesese ŋu o.
6Wò susu nenɔ Mawu ŋu
le wò nuwɔnawo katã me,
ekema ana wò mɔ nadzɔ.
7 # Rom 12.16. Mègabu ɖokuiwò nunyalae o.
Vɔ̃ Aƒetɔ, eye nàtsri vɔ̃.
8Esia ada gbe le wò ŋutilã ŋu,
eye wòana dzidzeme wò ƒuwo.
9Tsɔ wò nunɔamesiwo
kple wò nuku gbãtɔwo katã
de bubu Aƒetɔ ŋu.
10Ekema nuku ayɔ wò ava,
eye wain agbagba le wò ahadzraɖoƒe.
11 # Hiob 5.17. # Heb 12.5, 6. Vinye, mègagbe Aƒetɔ ƒe amehehe o;
eƒe mokaname megati wò o.
12 # Nyaɖ 3.19. Elabe ame si Aƒetɔ lɔ̃ la,
eyae wòkaa mo na,
abe viŋutsu si gbɔ tɔ́a melɔ̃a nu le o la ene.
13Ame si ke ɖe nunya ŋu,
kpɔa dzidzɔ;
ame si ƒe asi su gɔmesese dzi la,
kpɔa dzidzɔ.
14Elabe eme viɖe nyo wu klosalo,
eye emetsonu nyo wu sika.
15Exɔ asi wu dzonu xɔasitɔ.
Nu siwo dzroa wò la,
ƒe ɖeke mate ŋu ade enu o.
16Elé agbe didi ɖe ɖusi,
eye wòlé kesinɔnu kple bubu ɖe mia.
17Eƒe mɔwo dzi vivina,
eye ŋutifafa le eƒe toƒewo katã.
18Ati si naa agbe la wònye
na ame siwo lée ɖe asi la,
woyɔa ame siwo lée goŋgoŋ la, be dzidzɔmewo.
19Nunya Aƒetɔ tsɔ ɖo xexea me gɔme anyii,
eye nugɔmesese wòtsɔ li ke dziƒowoe.
20Eƒe sidzedzee na tɔwo gɔme ŋɔ,
eye alilikpowo dza zãmu.
21Vinye, lé nunya vavãtɔ
kple nuwɔwɔ nunyatɔe me ɖe asi;
mègana woadzo le wò ŋku dzi o.
22Ekema woanye agbe na wò luʋɔ
kple atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.
23Ekema àzɔ dedie le wò mɔ dzi,
eye wò afɔ makli nu o.
24Ne èbɔbɔ nɔ anyi la,
màvɔ̃ o.
Ne èmlɔ anyi la,
alɔ̃ avivi na wò.
25Ne ŋɔdzi do kpata,
alo dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi la,
dzika megatso ƒowò o.
26Elabe Aƒetɔ ŋue nèɖoa ŋu ɖo;
mana wò afɔ nage ɖe mɔ̀ me o.
27 # Sir 4.3. Ne àte ŋui la,
mègagbe nyuiwɔwɔ
na ame si wòdzena la o.
28Mègagblɔ na hawòvi be:
“Yi, nàgbugbɔ ava, etsɔ matsɔe na wò”
esime nua le asiwò hafi o.
29Mègaɖo vɔ̃ ɖe hawòvi,
ame si le gbɔwò
le ŋu ɖom ɖe ŋuwò la, ŋu o.
30Ne ame mewɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò o la,
mègawɔ dzre kplii dzodzro o.
31Mègaʋã ŋu sesẽnuwɔla o,
eye eƒe nuwɔna aɖeke megadzɔ dzi na wò o.
32Elabe Aƒetɔ lé fu nu vlo wɔla,
ke tsi metoa eya kple nuteƒewɔla dome o.
33Aƒetɔ ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe dzi;
ke eyraa ame dzɔdzɔe ya ƒe nɔƒe.
34 # Yak 4.6; Pet I, 5.5. Eɖua fewu le fewuɖulawo ŋu,
gake evea ɖokuibɔbɔlawo ya nu.
35Bubu anye nunyalawo ƒe domenyinu,
ke bometsilawo aɖu ŋukpe.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 3: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in