Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 28

28
1Ame aɖeke menyaa ame vɔ̃ɖi ɖe nu
hafi wòsína o;
ke ame dzɔdzɔe ya ɖea dzi ɖi
abe dzata ene.
2Ne dukɔ da vo la,
edziɖulawo sɔa gbɔ;
ke to nunyala kpɔnuteƒe dzi la,
nuwo gbugbɔna nɔa ɖoɖo nu ɖaa.
3Ame dahe si tea ame dahewo ɖe anyi la,
le abe tsidzadza si megblẽa nuɖuɖu aɖeke ɖi o la ene.
4Ame siwo gbea nu le se la gbɔ la,
kafua ame vɔ̃ɖiwo;
ke ame siwo léa sea me ɖe asi la,
tsia tre ɖe wo ŋu.
5Nu vɔ̃ɖi wɔlawo mesea nya dzɔdzɔe gɔme o;
ke ame siwo dia Aƒetɔ la,
sea nuwo katã gɔme nyuie.
6Ame dahe si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la,
nyo wu kesinɔtɔ si wɔa nu fitifiti.
7Ame si léa se la me ɖe asi la,
vi nyanue;
ke ame si dea ha kple nu tsu ɖulawo la,
dea ŋukpe mo na tɔ́a.
8Ame si tsɔa demexɔxɔ kple gadzìga
tsɔna dzia eƒe kesinɔnuwo ɖe edzii la,
le kɔ lim nuwo ɖi
na ame si wɔa dɔmenyo na ame dahewo.
9Ame si do toku sea la,
eƒe gbedodoɖawo nye ŋunyɔnu.
10Ame si ble nuteƒewɔlawo
yi mɔ vɔ̃ɖi dzii la,
eya ŋutɔ age dze do si wòɖe ɖi la me;
ke fɔmaɖilawo anyi nu nyui ƒe dome.
11Kesinɔtɔ bua eɖokui nunyalae;
ke ame dahe nugɔmesela kpɔa egɔme.
12Ne ame dzɔdzɔewo ɖu dzi la,
aseyetsotso gã wònyena;
ke ne ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ yi dzi la,
amewo sína ɖaɣlaa wo ɖokui.
13Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la,
nu madze dzi nɛ o;
ke ame si ʋu wo me eye wòdzudzɔ wo wɔwɔ la,
woakpɔ nublanui nɛ.
14Yayratɔe nye ame si vɔ̃a Aƒetɔ ɣe sia ɣi;
ke ame si sẽ dzime goŋgoŋ la,
adze dzɔgbevɔ̃e me.
15Dziɖula vɔ̃ɖi si le dukɔ dahe dzi ɖum la,
le abe dzata si le gbe ɖem
alo sisiblisi si be yealé nu ene.
16Dziɖula si si nugɔmesese mele o la,
nye ŋutasẽla ameteɖeanyila;
ke ame si lé fu amebaba la,
anɔ agbe didi.
17Ame si dzi hlɔ̃fe le la,
anɔ sísi dzi va se ɖe eƒe kugbe;
ame aɖeke megalée da ɖi o.
18Ame si wɔa nuteƒe la,
woaɖee;
ke ame si wɔa nu fitifiti la,
age dze do me.
19Ame si de agble la,
nuɖuɖu abɔ ɖe esi fũu;
ke ame si tia nu maɖinuwo yome la,
eƒe ahedada agadzi ɖe edzi.
20Yayra anɔ nuteƒewɔla dzi fũu;
ke ame si tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la,
womagbe tohehe nɛ o.
21Amedzidede menyo o;
ke le abolo kakɛ si ame axɔ ta la, azu vodala.
22Nuvela tsia dzi ɖe kesinɔnu ŋu;
ke menyae be hiã le ye dzi va ge o.
23Mokanamela axɔ akpe emegbe wu
numevivila.
24Ame si da adzo tɔ́a alo nɔa
hegblɔ be: “Menye nuvɔ̃ aɖeke o” la,
nugblẽlawo xɔlɔ̃ wònye.
25Ŋuklẽla hea dzre vɛ;
ke ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la,
eme aganyo nɛ.
26Ame si ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ
ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae;
ke ame si zɔna le nunya me la,
woaɖee.
27Ame si naa nu ame dahe la,
hiã matui akpɔ o;
ke ame si trɔa mo ɖe aga la,
woaƒo fi adee.
28Ne ame vɔ̃ɖiwo tso la,
amewo ɣlaa wo ɖokui;
ke ne wotsrɔ̃ la,
ame dzɔdzɔewo dzina ɖe edzi.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 28: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in