Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 25

25
Salomo ƒe lododo bubuwo
1Lododo siawo hã nye Salomo tɔwo.
Yuda-fia Xizkiya ƒe amewoe
gbugbɔ wo ŋlɔ.
2Enye bubu na Mawu
be wòaɣla nu;
ke fiawo ƒe bubue nye
be woaku nu gɔme.
3Ale si dziƒo kɔe, eye anyigba gogloe la,
nenemae fiawo ƒe dzime dzodzro meli o.
4Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu,
ekema aɖaŋudɔwɔla akpɔ dɔwɔnu awɔ tsikunu.
5Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia ŋkume,
ekema eƒe fiazikpui ali ke ɖe nu dzɔdzɔe me.
6 # Luk 14.8-10. Mègaɖe ɖokuiwò fia ne fia nakpɔ loo,
alo anɔ ame veviwo teƒe o.
7Elabe ne wogblɔ na wò be:
“Va nɔ kɔkɔƒe le afii” la,
enyo wu be woabɔbɔ wò ɖe anyi
le amegã la ŋkume.
Nu si wò ŋku kpɔ la,
8mègatsi dzi atsɔe yi ʋɔnui o;
elabe nu ka nàwɔ emegbe,
ne hawòvi va do ŋukpe wò?
9He wò ŋutɔ wò nya kple hawòvi;
ke mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla,
10be ne amea see la,
wòado ŋukpe wò,
eye wò ŋkɔ vɔ̃e anɔ anyi ɖaa o.
11Nya si wogblɔ le egblɔɣi la,
le abe sikanutata ɖe klosalonu dzi ene.
12Nunyala ƒe nuxlɔ̃amenya le abe sikasigɛ
kple kɔgɛ si wotsɔ sika nyuitɔ wɔ la ene
na ame si le to ɖomee la.
13Ale si tsi fafɛ faa akɔ na ame
le dzomeŋɔli le nuŋeɣii la,
nenemae dɔtsɔla nuteƒewɔla le
na ame siwo dɔe;
efaa dzi na eƒe aƒetɔwo.
14Ame si doa nunana ŋugbe
evɔ menanae o la,
le abe tsi si ɖo kple yaƒoƒo
gake gbe dzadza la ene.
15Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si,
eye aɖe bɔbɔe ye gbãa ƒu.
16Ne èkpɔ anyitsi la,
noe ɖe wò dɔ nu;
ne magawu ko na wò,
eye nàtrui o.
17Mèganɔ afɔɖi ƒom hawòvi ƒeme,
ne wò nu nagati kɔ nɛ,
eye wòayi fu lé ge wò o.
18Ame si ɖia aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la,
le abe kpo, yi, alo aŋutrɔ biɖoe ene.
19Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣi
le abe aɖu vovo alo afɔ
si gli la ene.
20Ame si le ha dzim
na dzi si le nu xam la,
le abe ame si ɖe avɔ da ɖi le vuvɔŋɔli
alo abe aha tsitsi wokɔ ɖe abi me ene.#25.20: Gɔmeɖeɖe aɖewo be: Ame si le ha dzim na dzi si le nu xam la le abe ahaƒãe wokɔ ɖe adzalẽɖaɖi dzi ene. Ale si agbagblaʋui nɔa avɔwo domee alo ŋɔviwo nɔa atikpo mee la, nenemae vevesese nyia amegbetɔ ƒe dzii.
21 # Rom 12.20. Ne dɔ le wò futɔ wum la,
na nui wòaɖu,
eye ne tsikɔ le ewum la,
na tsii wòano.
22Elabe ne èwɔ esia la,
àna ŋu nakpee ŋutɔŋutɔ,
eye Aƒetɔ aɖo eteƒe na wò.
23Dzigbemeya hea tsidzadza vanɛ,
eye ameŋulĩɖe nana be wodoa dziku, ɖoa adãmo.
24Xɔta ƒe dzogoe dzi nɔnɔ nyo wu
aƒeme nɔnɔ kple nyɔnu dzrewɔla.
25Nya nyui xɔxɔ tso duta le
abe tsi fafɛ ene na ame si ƒe ve me ƒu la.
26Ale si tsidzidzi bublu
alo vudo me tsi ƒaƒã le la,
nenemae nye ame dzɔdzɔe si wɔ nu tovo
le ame vɔ̃ɖi ŋkume.
27Anyitsi geɖe nono menyo o,
eye mègadi be woakafu ye akpa o.
28Ame si meɖua eɖokui dzi o la,
le abe du si ŋu wogbã gli le,
eye wòtsi nuvo ene.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 25: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in