Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 22

22
1Ŋkɔ nyui tiatia ƒo kesinɔnu geɖe ta.
Ŋudzedzekpɔkpɔ le ame ŋu
nyo wu klosalo kple sika.
2Kesinɔtɔ kple ame dahe sɔ
elabe Aƒetɔ ye nye wo katã Wɔla.
3Aɖaŋudzela kpɔa dzɔgbevɔ̃e,
eye wòɣlaa eɖokui;
ke ame manyanu ya ƒoa ta ɖe eme,
eye wòkpɔa etɔ nua.
4Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu
tso ɖokuibɔbɔ kple Aƒetɔ -vɔvɔ̃ me.
5Ŋu kple mɔ̀ le alakpatɔ ƒe mɔ dzi;
ame si ɖɔa ŋu ɖo la ƒoa asa na wo.
6 # Sir 6.18. He ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu,
eye ne etsi la,
mate ɖa le edzi o.
7Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi;
ame si doa nu le ame si la,
kluvi wònye na
ame si si wòdo nu la le.
8Ame si ƒãa nu madzɔmadzɔ la,
aŋe dzɔgbevɔ̃e,
eye eƒe dɔmedzoe ƒe toheti
magadze edzi o.
9Woayra ame si nyoa dɔme
elabe emaa eƒe abolo kple ame dahe.
10Nya fewuɖula ɖa,
ekema dzre ake,
eye nyawɔwɔ kple dzu avɔ.
11Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛtɔ,
eye wònya nuƒoƒo la, anye fia xɔlɔ̃.
12Aƒetɔ ƒe ŋku dzɔa sidzedze ŋu;
ke egbea nuteƒemawɔla ƒe nya.
13Kuviatɔe gblɔna be:
“Dzata le xexe.
Ava wum le kpɔdomee.”
14Gbolo ƒe nu la, do gogloe.
Ame si ŋu Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖo la,
eyae age dze eme.
15Ne bometsitsi lé ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu la,
ameƒoti ye fenɛ ɖa le eŋu.
16Ame si te ame dahe ɖe anyi
be yeƒe nuwo nedzi ɖe edzi,
alo na nu kesinɔtɔ la,
ahedada ko wòkplɔ ƒu eɖokui.
Nufiamenya bla etɔ̃awo
17Ƒu to anyi,
eye nàse nunyalawo ƒe nyawo.
Wò susu netrɔ ɖe nye sidzedze ŋu,
18elabe anyo
ne èdzra wo ɖo ɖe mewò
eye wo katã le nuwò.
19Medi be nàɖo dzi ɖe Aƒetɔ ŋu tae
mele nu fiam wò egbea ɖo.
20Ɖe nyemeŋlɔ nufiame bla etɔ̃
siwo me aɖaŋuɖoɖo kple nunya le la na wò,
21ne mafia wò nu si dze,
eye wòle eteƒe,
ale be nàtsɔ ŋuɖoɖo nyuitɔwo ayi
na ame siwo dɔ wò ɖa la oa?
1
22Mègada adzo ame dahe
le eƒe ahedada ta o;
mègate fukpela ɖe anyi
le ʋɔnu o,
23elabe Aƒetɔ axɔ woƒe nya ɖe akɔ,
eye wòaɖe ame siwo da adzo wo la ƒe agbe ɖa.
2
24Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o,
eye mègazɔ kple dzikutɔ o.
25Ne menye nenema o la,
àsrɔ̃ eƒe nuwɔnawo,
eye wò agbe age ɖe mɔ̀ me.
3
26Mèganye ame siwo ƒua asi akɔ,
eye wodea megbe na fenyila la dometɔ aɖeke o,
27elabe ne naneke mele asiwò
nàtsɔ aɖo fea nu o la,
ɖe womaɖe wò aba le tewò oa?
4
28Mègatrɔ liƒo xoxo
siwo tɔgbuiwòwo do la o.
5
29Èkpɔ ame zazɛ̃
si wɔa eƒe dɔ kple aɖaŋua?
Fiawoe wòasubɔ;
menye ame maɖinuwoe wòasubɔ o.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 22: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in