Salomo ƒe Lododowo 2
2
Nunya ƒe viɖewo
1Vinye, ne èxɔ nye nyawo,
eye nèlé se siwo mede na wò la me
ɖe asi sesĩe,
2ne èɖo to nunya nyuie,
eye nètrɔ dzi ɖe eŋu, se egɔme,
3ẽ, ne èdi nunya deto kple ɣli,
eye nèkɔ wò gbe dzi yɔ nugɔmesese,
4ne èdii abe klosalo ene,
eye nèti eyome
abe kesinɔnu si wotsɔ ɣla ene la,
5ekema àse Aƒetɔ -vɔvɔ̃ gɔme,
eye àke ɖe sidzedze Mawu ŋu.
6 #
Nya 9.10; Sir 1.1. Elabe Aƒetɔ ye naa nunya,
eƒe nu mee sidzedze kple gɔmesese do tso.
7Edzraa nunya vavãtɔ ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo,
eye wòxɔna na mokakamanɔŋutɔwo.
8Ekpɔa nya dzɔdzɔe yomenɔlawo
ƒe nuwɔnawo ta,
eye wòdzɔa mawumemewo ƒe mɔ ŋu.
9Ekema àse nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
nya dzɔdzɔe yome nɔnɔ
kple nyametsotso sɔsɔe
kpakple agbe nyui nɔnɔ ɖe sia ɖe gɔme.
10Elabe nunya age ɖe dzime na wò,
eye sidzedze ado dzidzɔ na wò luʋɔ,
11nuwɔwɔ ɖe nunya me akpɔ tawò,
eye nugɔmesese adzɔ ŋuwò.
12Woaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi,
eye womana nàde ha kple nu trama ƒola o.
13Ame siawo gbe nuteƒewɔwɔ,
eye wole agbe le viviti me.
14Wokpɔa dzidzɔ ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,
eye wotsoa aseye
ɖe nu tovo wɔwɔ ŋu.
15Woƒe toƒe le gɔdɔgɔdɔ̃,
eye wotra le woƒe mɔ dzi.
16Nunya kple nugɔmesese aɖe wò
tso nyɔnu dzeha, gbolo,
si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me.
17Eyama gblẽa eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi,
eye wòŋlɔa nubabla kple eƒe Mawu be.
18Eƒe aƒe ɖo ta ku gbɔ;
eƒe afɔtoƒewo yina ɖe aʋlime.
19Ame aɖeke meyia egbɔ gagbɔna o;
womegatrɔna va tsoa agbemɔ o.
20Esia ta to ame nyuiwo ƒe mɔ dzi,
eye nàzɔ ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ɖaa.
21Elabe nuteƒewɔlawoe anɔ anyigba la dzi;
ame mokakamanɔŋutɔwoe asusɔ ɖe edzi.
22Ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi,
eye woaho ame maɖoŋuɖeŋuwo ɖa
kple ke le edzi.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.