Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 15

15
1Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe
tsia dziku nu;
ke gbedada ame nana be dɔmedzoe flana.
2Nunyala ƒe aɖe ɖea sidzedze fiana;
ke lãnya dona le bometsila nu ko gboya.
3Aƒetɔ ƒe ŋku le afi sia afi;
ele vɔ̃wɔla kple nyuiwɔla siaa kpɔm.
4Gbe blewuu nye ati si naa agbe,
ke alakpaɖe dea abi
ame ƒe gbɔgbɔ ŋu.
5Bometsila doa vlo tɔ́a ƒe nufiame,
ke ame si sea nuxɔxlɔ̃ la, nunyalae.
6Kesinɔnu geɖe le ame dzɔdzɔe ƒeme;
ke fukpekpe dona
tso ame vlo ƒe nukpɔkpɔ me.
7Nunyalawo ƒe nu kakaa sidzedze;
ke bometsilawo ƒe susu mewɔa esia o.
8Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ,
ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.
9Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔna nye ŋunyɔ na Aƒetɔ;
ke elɔ̃a ame si dia nu dzɔdzɔe wɔwɔ yome.
10Tohehe sesẽtɔ li na ame si gblẽ mɔ la ɖi;
ke ame si lé fu mokaname la, aku.
11Ne tsiẽƒe kple aʋlime
le ʋuʋu ɖi le Aƒetɔ ŋkume ɖe,
ɖe amegbetɔ ƒe dzi manɔ ʋuʋu ɖi wu oa?
12Fewuɖula melɔ̃na
be woagbe nya na ye o;
mayi nunyala gbɔ o.
13Dzi si kpɔa dzidzɔ nana be mo klẽna;
ke ne dzi le nu xam la,
wɔna vɔna le gbɔgbɔ ŋu.
14Nugɔmesela ƒe susu dia sidzedze;
ke bometsilawo ƒe nu gblɔa bometsinya.
15Hiãtɔwo ƒe ŋkekewo sesẽ;
ke dzidzɔkpɔlae ɖoa kplɔ̃ edziedzi.
16Nu vi nɔamesi si ŋu Aƒetɔ -vɔvɔ̃ kpe ɖo la,
nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu
dzimaɖeɖi kpe ɖo la.
17Amanuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la,
nyo wu nyitsu dami lãɖuɖu
si ŋu fuléle kpe ɖo la.
18Dɔmedzoetɔ hea dzre vɛ;
ke tufala tsia dzre nu.
19Ŋuwo xɔa kuviatɔ ƒe mɔ dzi;
ke nuteƒewɔlawo ƒe toƒe nye mɔ tata sɔsɔe.
20Vi nyanu doa dzidzɔ na tɔ́a;
ke vi tsibome doa vlo nɔa.
21Susumanɔsitɔ kpɔa dzidzɔ le bometsitsi ŋu;
ke nugɔmesela zɔna nyuie.
22Ne adaŋudede meli o la,
ɖoɖowo medzea dzi o;
ke ne adaŋudela geɖewo li la,
ɖoɖowo tsɔa afɔ nyuie.
23Nyaŋuɖoɖo nyuie doa dzidzɔ
na ame sia ame,
eye nya si wogblɔ le egblɔɣi la
nyasena ŋutɔ.
24Le nunyalawo gbɔ la,
agbemɔ ɖo ta dzi
bene woaƒo asa na tsiẽƒe
le anyigba tume.
25Aƒetɔ gbãa dàdalawo ƒe aƒe;
ke edoa liƒo na ahosiwo.
26Ame vɔ̃ɖi ƒe tameɖoɖo nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ;
ke nya dzeto dza le eŋkume.
27Ŋuklẽla si kpɔa viɖe madzemadze la
dea eƒe aƒemetɔwo xaxa me;
ke ame si tsri zãnuxɔxɔ la,
anɔ agbe.
28Ame dzɔdzɔe bua nya ŋu nyuie
hafi ɖoa eŋu;
ke ame vɔ̃ɖi kea nu gblɔa nya vɔ̃ɖi faa.
29Aƒetɔ le adzɔge tso ame vɔ̃ɖi gbɔ;
ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.
30Mokɔkɔ doa dzidzɔ na ame;
nya nyui dea ami ƒuto me.
31Ame si lɔ̃na woxlɔ̃a nui la,
anɔ nunyalawo dome.
32Ame si melɔ̃a nufiame o la,
doa vlo eɖokui;
ke ame si lɔ̃na wokaa mo nɛ la,
zua nugɔmesela.
33Aƒetɔ -vɔvɔ̃ nye nufiame
si kplɔa ame dea nunya me;
ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 15: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in