Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 14

14
1Nunya tsoa eƒe aƒe;
ke bometsitsi gbãnɛ
kple eya ŋutɔ ƒe asi.
2Ame si nɔa agbe dzɔdzɔe la
vɔ̃a Aƒetɔ;
ke ame si nɔa agbe trama la
doa vloe.
3Bometsila ƒe nuƒo nye ameƒoti
na eƒe dàda;
ke nunyalawo ƒe nuƒo akpɔ wo ta.
4Ne nyitsuwo meli o la,
bli menɔa anyi o,
ke agblemenu geɖe kpɔkpɔ tsoa nyitsu
ƒe ŋusẽ me.
5Ɖasefo wɔnuteƒe mekaa aʋatso o;
ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.
6Fewuɖula dia nunya doa kpoe;
ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmesela.
7Te ɖa le bometsila gbɔ
elabe màse nunya le enu o.
8Aɖaŋudzela ƒe nunyae nye
be yease nu si yeawɔ la gɔme;
ke bometsila ƒe movidzɔdzɔe nye beble.
9Mawu ɖea alɔ me le ame vɔ̃ɖiwo ŋu,
ke evea nu dzɔdzɔe wɔlawo nu.
10Ame ŋutɔe nya vevesese
si le eƒe dzime,
eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ
dzidzɔ kplii o.
11Ame vɔ̃ɖi ƒe xɔ agbã;
ke nuteƒewɔla ƒe agbadɔ akeke ta.
12 # Lod 16.25. Mɔ aɖe li si dzéna mɔ dzɔdzɔe na ame;
ke eƒe seƒee nye ku.
13Ne wole nu kom hã,
nuxaxa nɔa dzime;
dzidzɔ wua enu kple veve.
14Tosẽla xɔa eƒe nuwɔnafetu,
eye nuteƒewɔla hã xɔa etɔ.
15Bometsila xɔa nya sia nya dzi sena,
ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu.
16Nunyala ɖoa ŋu ɖo,
eye wòƒoa asa na vɔ̃;
ke bometsila doa adã,
eye meléa fɔ ɖe naneke ŋu o.
17Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la, ɖe wòwɔa lãnu;
ke ame si wɔa nu nunyatɔe la, gbɔa dzi ɖi.
18Lãtɔ ƒe domenyinue nye bometsitsi;
ke nunyala ƒe fiakukue nye sidzedze.
19Ame vlowo dea ta agu na ame nyuiwo,
eye ŋutasẽlawo dea ta agu
le ame dzɔdzɔewo ƒe agbo nu.
20Ame dahe ƒe aƒelika gɔ̃ hã léa fui;
ke xɔlɔ̃ le kesinɔtɔ si fũu.
21Ame si doa vlo ehavi la,
nye nuvɔ̃wɔla;
ke ame si nyoa dɔme na hiãtɔwo la,
kpɔa dzidzɔ.
22Ɖe vɔ̃ɖolawo metra oa?
Gake nyuiɖolawo la,
nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ nye wo tɔ.
23Kutrikuku ɖe sia ɖe ɖea vi;
ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã ko vanɛ.
24Nunyalawo ƒe fiakuku nye woƒe nunya;
ke movitɔwo ƒe tablanu nye woƒe bometsitsi.
25Nyateƒeɖasefo xɔa ame ɖe agbe;
ke aʋatsoɖasefo blea ame.
26Aƒetɔ -vɔvɔ̃ mee ame kpɔa dzideƒo blibo le,
eye viawo akpɔ sitsoƒe.
27Aƒetɔ -vɔvɔ̃ nye agbevudo,
eɖea ame tso ku ƒe mɔ̀ me.
28Fia ƒe atsyɔ̃ le dukɔ ƒe agbɔsɔsɔ me;
ke ne ame meli o la, ekema amegãɖuɖu yia to.
29Ame si medoa dziku kabakaba o la,
nugɔmesese bɔ ɖe esi;
ame si doa adã kabakaba la,
ɖea gbeƒã eƒe bometsitsi.
30Dzidzeme naa agbe ame,
ke ŋuʋaʋã nana be ƒuto me vóna.
31Ame si te ame dahe ɖe anyi la,
dzu eƒe Wɔla;
ke ame si nyo dɔme na hiãtɔ la,
de bubu eŋu.
32Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ ƒunɛ anyi,
ke ame dzɔdzɔe kpɔa sitsoƒe
le eƒe nuteƒewɔwɔ me.
33Nunya xɔ aƒe ɖe nugɔmesela
ƒe susu me;
ke mele bometsila ya tɔ me o.
34Nu dzɔdzɔe wɔwɔ doa dukɔ ɖe dzi;
ke nuvɔ̃ nye ŋukpe
na dukɔ ɖe sia ɖe.
35Fia kpɔa ŋudzedze le subɔla
si wɔa nu nunyatɔe la ŋu;
ke edoa dziku
ɖe ŋukpenanuwɔla ŋu.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 14: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in