Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 13

13
1Vi nyanu sea tɔ́a ƒe nufiame;
ke fewuɖula meɖoa to mokaname o.
2Ame nyui ɖua nu nyui tso eƒe numenya
ƒe kutsetse me;
ke ŋutasesẽ nye alakpatɔ ƒe didi.
3 # Sir 28.25, 26. Ame si kpɔa eƒe nu dzi la,
nɔna dedie;
ke ame si kea nu baa la,
dzea gbegblẽ me.
4Nu dzroa kuviatɔ ƒe luʋɔ,
eye makpɔe akpɔ o;
ke veviedola ƒe luʋɔ
akpɔ nu geɖe.
5Ame dzɔdzɔe léa fu aʋatsokaka;
ke ame vɔ̃ɖi wɔa ŋukpenanu kple vlodoamenu.
6Nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzɔa ame maɖifɔ
ƒe nuwɔnawo ŋu;
ke nu tovo wɔwɔ hea ame vɔ̃ɖi ƒua anyi.
7Ame aɖe wɔ eɖokui kesinɔtɔe,
ke naneke mele esi o;
bubu wɔ eɖokui ame dahee,
evɔ kesinɔnu le esi fũu hafi.
8Ame ƒe kesinɔnue ɖenɛ le awɔba me;
ke ame dahe ya mekpɔa megbedenu aɖeke o.
9Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi tsina.
10Dàda la, dzre ko wohena vanɛ,
ke nunya nana be woxɔa aɖaŋuɖoɖo.
11Kesinɔnu si wotsi dzi kpɔ bɔbɔe la
azu ʋɛ;
ke esi woku kutri kpɔ la,
adzi ɖe edzi.
12Mɔkpɔkpɔ si wohe ɖe megbe la,
nana be dzi sea veve;
ke ne nu va eme na ame la,
enye ati si naa agbe.
13Ame si doa vlo nuxlɔ̃amenya la,
atsrɔ̃;
ke ame si dea bubu sedede ŋu la,
axɔ fetu.
14Nunyala ƒe nufiame la, vudo si naa agbe wònye,
bene ame naƒo asa na ku ƒe mɔ̀.
15Nugɔmesese nyui hea ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ;
ke ame mawɔnuteƒewo ƒe mɔ hea wo dea gbegblẽ me.
16Aɖaŋudzela ɖe sia ɖe wɔa nu le nunya me;
ke bometsila doa boblo eƒe bometsitsi.
17Dɔtsɔla vlo hea amewo dea xaxa me;
ke amedɔdɔ nuteƒewɔla daa gbe le ame ŋu.
18Ahedada kple ŋukpe vaa ame
si gbea nufiamexɔxɔ la dzi;
ke wodea bubu ame
si xɔa mokaname la ŋu.
19Ne ame ƒe didi va eme la,
edzɔa dzi nɛ ŋutɔ,
ke nuvɔ̃ tsitsri nye ŋunyɔnu
na bometsilawo.
20 # Sir 6.33, 34. Ame si zɔna kple nunyalawo la,
dzea nunya;
ke ame si dea ha kple bometsilawo la,
akpe fu.
21Dzɔgbevɔ̃e ɖea nuvɔ̃wɔlawo ɖe nu;
ke nunyoname wotsɔna tua fe na ame dzɔdzɔewo.
22Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi
na viawo ƒe viwo;
ke wolia kɔ nuvɔ̃wɔla ƒe kesinɔnu ɖi
na ame dzɔdzɔe.
23Ame dahe ƒe afutimenuku ʋãna fũu;
ke edome gblẽna to nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me.
24Ame si gbea eƒe ameƒoti ŋudɔwɔwɔ
na via la, lé fu via;
ke ame si lɔ̃ via la doa vevie be yeahe to nɛ.
25Ame dzɔdzɔe kpɔa nu ɖuna ɖia ƒo nyuie;
ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 13: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in