Salomo ƒe Lododowo 12
12
1 #
Sir 21.6. Ame si lɔ̃a hehexɔxɔ la,
lɔ̃a sidzedze;
ke ame si lé fu mokaname la,
gbemelãe.
2Aƒetɔ vea ame nyui nu,
ke ebua fɔ ayemenuwɔla.
3Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ menana be ame lia ke o;
ke kè maʋã le ame dzɔdzɔe te o.
4Srɔ̃nyɔnu ɖɔʋu nye fiakuku le srɔ̃a ta;
ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla
le abe ƒutometsi ƒaƒã ene le srɔ̃a me.
5Ame dzɔdzɔe ƒe susuwo le eteƒe;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖowo nye beble.
6Ame vɔ̃ɖi ƒe nya dea xa be yeakɔ ʋu ɖi;
ke nuteƒewɔla ƒe nuƒo ɖea ame.
7Tutu ame vɔ̃ɖi ƒu anyi ko evɔ nɛ;
ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ya nɔa anyi ɖaa.
8Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo;
ke wodoa vlo susu tramatɔ.
9Ame tsɛ si ŋutɔ wɔa dɔ la nyo wu
ame si tɔa asi akɔ;
ke nuɖuɖu mele esi o.
10Ame dzɔdzɔe sea veve
ɖe eƒe lãwo kekeake ti;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe nublanuikpɔkpɔ gɔ̃ hã
nye ŋutasesẽ.
11Ame si de eya ŋutɔ ƒe agble la,
akpɔ nuɖuɖu geɖe;
ke ame si tia nu maɖinuwo yome la,
tagbɔ mele esi o.
12Nu vɔ̃ɖi wɔla ƒe xɔ tsrala sesẽ agbã#12.12: Gɔmeɖeɖe aɖewo be: Nu vlo wɔla ƒe aboyonu dzroa ame vɔ̃ɖi.;
ke ame dzɔdzɔe ƒe ke dzèna.
13Nuƒoƒo trama nye mɔ̀ vɔ̃ɖi ɖea ame;
ke ame dzɔdzɔe sina le fukpekpe nu.
14Nya si ame ke nu gblɔ la
hea nyui geɖe fũu vana nɛ,
eye dɔ si ame tsɔ asi wɔe la
ɖea vi na eya ŋutɔ.
15Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ŋkume;
ke nunyala sea aɖaŋuɖoɖo.
16Bometsila ɖea eƒe dziku fiana enumake;
ke aɖaŋudzela meɖoa dzu ŋu o.
17Ame si toa nyateƒe la, gblɔa nya dzɔdzɔe;
ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.
18Ame aɖewo ƒe nuƒo tamemabutɔe
tɔa ame abe yi ene;
ke nunyala ƒe nya
daa gbe le ame ŋu.
19Nyateƒetola nɔa anyi tegbee;
ke aʋatsokala nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
20Beble le susu me na vɔ̃ɖolawo;
ke ŋutifafadilawo kpɔa dzidzɔ.
21Vɔ̃ aɖeke medzɔna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi o;
ke ame vɔ̃ɖi la yɔ fũu kple dzɔgbevɔ̃e.
22Alakpatɔ nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ;
ke nuteƒewɔlawo ƒe nu nyoa eŋu.
23Nunyala mekɔa nu le eƒe sidzedze dzi o;
ke susumanɔsitɔ ya doa boblo eƒe bometsitsi.
24Veviedonula ƒe asi ɖua fia;
ke woazi kuviatɔ dzi be wòawɔ dɔ.
25Dzimaɖitsitsi tea ame ɖe to;
ke dzideƒonya doa dzidzɔ nɛ.
26Ame dzɔdzɔe trɔna tso nuvɔ̃ɖi gbɔ;
ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.
27Kuviatɔ mekpɔa adelã mena o;
ke ame si doa vevie nu la, akpɔ kesinɔnu xɔasi.
28Agbe le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe mɔ dzi;
ke ame si to mɔ sia dzi la, meyia ku me o.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 12: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.