Filipitɔwo KPƆKPLƆYIƉEME
KPƆKPLƆYIƉEME
Esime Paulo ɖo hamewo ɖe Europa-nyigba dzi le Ablotsi la, hame gbãtɔ si wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖa lae nye Filipi-hame. Filipi nye du aɖe le Makedonia, si nye nutome aɖe le Romatɔwo ƒe dziɖuƒe. Paulo ŋlɔ agbalẽ sia, esime wònɔ gaxɔ me. Le ɣeyiɣi sia me la, Kristotɔ aɖewo le hamea me tsi tre ɖe eŋu. Nu sia ɖe fu na Paulo ƒe susu, eye wòxa nu vevie le aʋatsonufiafia si nɔ edzi yim le Filipi-hamea me la ŋu. Togbɔ be nuwo nɔ alea le hamea me hã la, Yesu Kristo dzixɔse deto, si nɔ Paulo me hafi wòŋlɔ agbalẽa la, na be esi woxlẽe la, dzi dzɔ wo, eye dzi ɖo wo ƒo ŋutɔ.
Susu vevi, si ta Paulo ŋlɔ agbalẽa ɖo lae nye be yeada akpe na Filipi Kristotɔwo le nunana si woɖo ɖee, esime hiã tui la ta. Ewɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ, de dzi ƒo na wo ale be, togbɔ be woxaxa hã la, woate ŋu anɔ te sesĩe. Exlɔ̃ nu wo be womegadi woawo ŋutɔ ɖokui tɔ o, eye womegado wo ɖokui ɖe dzi o; ke boŋ be woabɔbɔ wo ɖokui abe Yesu ene. Eɖo ŋku edzi na wo be ɖeka si wowɔ kple Kristo la, nunana tɔxɛ wònye Mawu ve wo nu na wo, esi woxɔ Yesu dzi se ta, ke menye esi wowɔa Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi la ta o. Paulo gaƒo nu tso dzidzɔ kple ŋutifafa si Mawu naa ame siwo wɔ ɖeka kple Kristo la hã ŋu.
Agbalẽ sia ɖe dzidzɔ, dzideƒo, ɖekawɔwɔ kple kutrikuku si le Kristo dzixɔse kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me la fia. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖe lɔlɔ̃ deto, si Paulo tsɔ na Filipi-hamea la hã ɖe go.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme 1.1-11
Nu siwo dzɔ ɖe Paulo ŋutɔ dzi 1.12-26
Agbenɔnɔ le hadede kple Kristo me 1.27—2.18
Ɖoɖo siwo Paulo wɔ na Timoteo kple Epafrodito 2.19-30
Nuxlɔ̃amenyawo tso futɔwo kple ŋɔdzinuwo ŋu 3.1—4.9
Paulo kple exɔlɔ̃ siwo le Filipi 4.10-20
Nuwunyawo 4.21-23
Currently Selected:
Filipitɔwo KPƆKPLƆYIƉEME: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.