YouVersion Logo
Search Icon

Filipitɔwo 3

3
Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ
1Mlɔeba la, nɔvinyewo, dzi nedzɔ mi be miele hadede me kple Aƒetɔ la. Metim be magaŋlɔ nu siawo ke na mi o, elabe esia ana be mianɔ dedie.
2Minɔ ŋudzɔ na nuvɔ̃wɔla mawo! Minɔ ŋudzɔ na avu mawo! Minɔ ŋudzɔ na ame siwo dea abi woƒe ŋutilã ŋu, be yewotso aʋa! 3Elabe mí ame siwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la boŋ ye wotso aʋa si dze la na, ale míekpɔa dzidzɔ be míedea ha kple Kristo Yesu. Míawo ya míeɖoa dzi ɖe ŋutilãmekɔnyinyi ŋu o. 4Nye boŋ wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilãmekɔnyinyi ŋu hafi. Ne ame aɖe bu be ye wòle be yeaɖo dzi ɖe eŋu la, megogom kura o, tɔnye wu sãa. 5#Rom 11.1; Dɔw 23.6; 26.5. Nye la, ŋkeke enyia gbee wotso aʋa nam. Israel vidzidzie menye, eye metso Benyamin-to la me. Hebritɔ ŋutɔŋutɔ si Hebritɔ akuakuawo dzi lae menye. Le Yudatɔwo ƒe sea dzi wɔwɔ gome la, Farisitɔe menye. 6#Dɔw 8.3; 22.4; 26.9-11. Le dzotsɔtsɔ ɖe Yudatɔnyenye ŋu gome la, mewɔe ʋuu, va zu hamea yometila. Le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe sea nu gome la, mokaka aɖeke menɔ ŋunye o. 7Ke ne viɖe nɔ wo me nam va yi hã la, le Kristo ta, wozu nu maɖeviwo. 8Le nyateƒe me la, mebu nu siawo katã be wonye nu maɖeviwo, elabe meva dze sii be Kristoe nye nye Aƒetɔ. Nunya sia xɔ asi wu nunyawo katã. Esia tae mebú nye nuwo katã, eye metsɔ wo ko abe aɖukpodzinuwo ene, be nye asi nasu Kristo dzi, 9eye mawɔ ɖeka kplii. Ale nyemagawɔ nu dzɔdzɔe aɖeke le ɖokuinye si, le se la ta o, ke boŋ mawɔ nu, si Kristo dzixɔse bia be mawɔ la ko. Esiae nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ si tso Mawu gbɔ, eye wòku ɖe xɔse ŋuti. 10Ale nu si ko dim mele lae nye be madze si Kristo, ame si fɔ tso ame kukuwo dome kple eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm la, ale be mate ŋu akpe fu, eye maku abe eya ene, 11ale ne wòate ŋu ava eme ko la, nye hã mafɔ tso ku me.
Paulo le du dzi ɖo ta dziɖuƒea
12Nyemele gbɔgblɔm be nye asi su taɖodzinu la dzi, alo be mede blibo vɔ o. Ke mele ʋiʋlim vevie be nye asi nasu edzi, elabe Kristo Yesu wɔm mezu etɔ. 13Nɔvinyewo, nyemetsɔe be nu sia su asinye xoxo o. Nu ɖeka ko ŋu nye susu le. Esiae nye be meŋlɔ nu siwo le megbenye la be, eye nu siwo le ŋgɔnye la ko nyam mele kple nye ŋusẽ katã. 14Dziɖuƒea ko nyam mele kple ŋkubiã, ale be mava xɔ nunana si ta Mawu to Yesu Kristo dzi, yɔm la, le dziƒo afi ma. 15Mina susu sia nanɔ mí, ame siwo tsi le gbɔgbɔ me la si. Ke nenye be susu bubu ƒomevi aɖe le mia dometɔ aɖe si la, Mawu aɖe ema hã ɖe go afia mi. 16Ɖoɖo siwo dzi míewɔ va se ɖe fifi la, mina míagalé wo me ɖe asi.
17 # Kor I, 4.16; 11.1. Nɔvinyewo, mikpɔ nye nuwɔna miawɔ. Mide dzesi ame siwo le agbe, abe ale si míenɔe hetsɔ ɖo kpɔɖeŋu na mi la ene. 18Togbɔ be megblɔ nya sia na mi zi geɖe va yi xoxo hã la, megale egblɔm ake fifia kple aɖatsi, be ame geɖewo ƒe agbenɔnɔ fia be wolé fu ku si Kristo ku le atitsoga ŋu la. 19Ame siawo le gege ge ɖe fukpekpe mavɔmavɔ me, elabe woƒe mawue nye woƒe ƒodo. Nu si nye ŋukpenanu boŋ ŋuti wodzɔa dzi le, eye wotsɔ woƒe susu da ɖe xexemenuwo dzi. 20Ke míawo ya la, mía dee nye dziƒo, eye míele Xɔla si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la lalam be wòatso afi ma ava. 21Eyae atsɔ ŋusẽ si wɔe be wòte ŋu ɖu nu sia nu dzi la, atrɔ míaƒe ŋutilã beli sia, wòasɔ kple eya ŋutɔ tɔ, si nye ŋutikɔkɔeŋutilã la.

Currently Selected:

Filipitɔwo 3: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in