Bible App logo
Search Icon

Mose IV 9

9
Paska evelia ɖuɖu
1 # Mos II, 12.1-13. Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le Sinai-gbedadaƒo le ƒè evelia ƒe ɣleti gbãtɔ me esime woʋu tso Egipte-nyigba dzi be, 2“Mina Israelviwo naɖu Paska la ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi. 3Le ɣletia ƒe ŋkeke wui enelia ƒe fiẽ me la miaɖui ɖe ɣeyiɣia dzi ɖe ɖoɖo kple se siwo katã le eŋu la nu.” 4Ale Mose gblɔ na Israelviwo be woaɖu Paska la, 5eye le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia gbe ƒe fiẽ la, woɖu Paska la le Sinai-gbedadaƒo la. Wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔe ene. 6Ke ŋutsu aɖewo gblẽ kɔ ɖo elabe woka asi ame kuku ŋu ale be womete ŋu ɖu Paska la gbe ma gbe o. Wova Mose kple Aron gbɔ, 7eye wogblɔ na wo be: “Míegblẽ kɔ ɖo elabe míeka asi ame kuku ŋu, ke nu ka tae womaɖe mɔ na mí míanɔ Israelvi bubuawo dome atsɔ vɔsanuwo vɛ na Aƒetɔ le ɣeyiɣi la dzi o?”
8Mose ɖo eŋu na wo be: “Milala va se ɖe esime mase nu si Aƒetɔ adi be mawɔ la.”
9Aƒetɔ gblɔ na Mose 10be negblɔ na Israelviwo be: “Ne miawo ŋutɔ alo miaƒe dzidzimevi aɖe ka asi ame kuku ŋu, eye wògblẽ kɔ ɖo alo wòyi nugbe la, ekpɔ mɔ aɖu Paska la na Aƒetɔ. 11Ke woawo ya naɖui le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui enelia gbe ƒe fiẽ me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã aɖu ama vevee. 12#Mos II, 12.46; Yoh 19.36. Womagblẽ nuɖuɖu aɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã ƒu aɖeke hã o. Woawɔ ɖe ɖoɖo siwo katã le Paska la ɖuɖu ŋu la dzi pɛpɛpɛ. 13Evɔ ne ame aɖe megblẽ kɔ ɖo o, eye meyi nugbe hã o, gake wògbe Paska la ɖuɖu la, ekema woaɖe amea ɖa le eƒe amewo dome elabe mesa vɔ na Aƒetɔ ɖe ɣeyiɣi dzi o; ewɔ nuvɔ̃, eye woahe to nɛ kokoko. 14Ne amedzro aɖe le mia dome si di be yeaɖu Paskaa la ate ŋu aɖui, ke neɖui ɖe ɖoɖo kple se siwo le Paska ŋu la nu. Ɖoɖo ɖeka nanɔ eŋu na amedzrovi kple devi siaa.”
Alilikpo si le abe dzo ene
(Mos II, 40.34-38)
15Gbe si gbe wotu godoƒegbadɔa la, alilikpo va tsyɔ edzi, eye wòdzena le fiẽ me abe dzo ene va se ɖe ŋdi. 16Enɔ nenema ɣe sia ɣi: le ŋkeke me la, alilikpo nɔa teƒea dzi, eye le zã me la, edzena abe dzo ene. 17Ne alilikpo la ho dzo le agbadɔa dzi la, Israelviwo hã hona nɔa yiyim eye afi si wògatrɔ va edzi le la, woƒua asaɖa anyi ɖe afi ma. 18Aƒetɔ ye ɖea gbe na Israelviwo hafi wohona dzona, eye eya kee gaɖea gbe na wo hafi woƒua asaɖa anyi. Ne alilikpo la le agbadɔa tame la, asaɖa la hã nɔa afi ma. 19Ne alilikpo la tsi agbadɔa tame ŋkeke geɖe hã la, Israelviwo kpɔa Aƒetɔ sinu, eye womehona dzona o. 20Ɣe aɖewo ɣi la, alilikpo la tsia agbadɔa tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko. Ne wòva eme alea hã la, Aƒetɔ kokokoe ɖea gbe na wo wotsia afi ma loo, alo hona dzona. 21Ɣe aɖewo ɣi hã la, alilikpo la tsia anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko, alo ŋkeke ɖeka kple zã, ke wohona dzona godoo ne alilikpo la nyaho ko. 22Alilikpo la ɖe wòtsi anyi ŋkeke eve o, ɣleti ɖeka o, alo wu nenema o, Israelviwo hã tsia asaɖa la me, womehona o; ke ne eho ko la, woawo hã hona dzona. 23Israelviwo kpɔa Aƒetɔ sinu godoo wòɖea gbe na wo to Mose dzi hafi woƒua asaɖa anyi loo, alo hona dzona.

Currently Selected:

Mose IV 9: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in