Mose IV 8
8
Akaɖiawo dada ɖe akaɖiti la dzi
1 #
Mos II, 25.31-40; 37.17-24. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Aron be ne eda akaɖi adrẽawo ɖe akaɖitia dzi la, neda wo ɖi ale be woaklẽ ayi ŋgɔ.” 3Ale Aron wɔ ɖe nya la dzi eye wòda akaɖiawo ɖe atia dzi le ŋgɔgbe lɔƒo. 4Wotsɔ sika tu akaɖiti blibo lae tso etame va se ɖe egɔme abe ale si Aƒetɔ fia Mose be newɔe ene.
Levitɔwo ŋuti kɔkɔ kple wo tsɔtsɔ na be woawɔ subɔsubɔdɔ
5Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 6“Ɖe Levitɔwo le Israelviwo dome, eye nàkɔ wo ŋu 7ale: Wu tsi si ɖea nuvɔ̃ ɖa le ame ŋu la ɖe wo ŋu, eye nàna woalũ fu le ŋuti katã, emegbe woanya woƒe awuwo. Ne wowɔ esia la, wo ŋuti akɔ. 8Azɔ nà woatsɔ nyitsuvi ɖeka kple wɔ memee si wodzaba kple ami akpe ɖe eŋu ne woawɔ nuɖuɖuvɔsae. Wò ŋutɔ nàtsɔ nyitsuvi ne woawɔ nuvɔ̃vɔsae. 9Emegbe nàƒo Israelviwo ƒe ha blibo la nu ƒu, eye nàna Levitɔwo nava tsi tsitre ɖe nye agbadɔ la ŋgɔ. 10Na Israelviwo natsɔ woƒe asiwo ada ɖe Levitɔwo dzi, 11eye Aron anyè asi akɔ̀ Levitɔwo ŋu nam abe Israelviwo ƒe nunana ene bene woanɔ subɔsubɔdɔ wɔm nam. 12Azɔ na Levitɔwo natsɔ woƒe asiwo aɖo nyitsuawo ƒe tame; tsɔ ɖeka sa nuvɔ̃vɔe, eye nàtsɔ evelia sa numemevɔ nam be nalé avu na Levitɔwo. 13Kɔ̀ Levitɔwo ŋu be woanye nunana tɔxɛ nam, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nanɔ wo nu.”
14“Ɖe Levitɔwo le Israelviwo dome alea be woanye tɔnye. 15Ne èkɔ Levitɔwo ŋu alea eye nètsɔ wo nam vɔ la, ekema woava wɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la me. 16Nye ŋutɔe xɔ wo ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbevi siwo ʋu dɔ nu na wo nɔwo la teƒe, eye wova zu tɔnye blibo. 17#Mos II, 13.2.Gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã la, mekɔ Israelviwo katã ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu hekpe ɖe lã ɖe sia ɖe ƒe ŋgɔgbevi gɔ̃ hã ŋu na ɖokuinye. 18Azɔ la, mexɔ Levitɔwo ɖe Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. 19Meɖe Levitɔwo abe Israelviwo ƒe nunana ene tsɔ na Aron kple via ŋutsuwo, bene woanɔ subɔsubɔdɔ wɔm le agbadɔ la me ɖe Israelviwo nu, ale be ne Israelviwo te ɖe kɔkɔeƒe la ŋu la, woawoe alé avu na Israelviwo be dɔléle vɔ̃ɖi aɖeke nagaɖo wo dome o.”
20Ale Mose, Aron kple Israelviwo ƒe ha blibo la kɔ Levitɔwo ŋu abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔ ene. 21Levitɔwo ɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui ŋu, nya woƒe awuwo, eye Aron kɔ wo ŋu wozu nunana tɔxɛ na Aƒetɔ. Aron wɔ avuléle kɔnu la hã na wo tsɔ kɔ wo ŋutii. 22Emegbe Levitɔwo yi agbadɔ la me, eye Aron kple via ŋutsuwo kpɔ wo dzi wowɔ subɔsubɔdɔ le afi ma. Ameawo wɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòana woawɔe ene.
23Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 24“Nu si wòle be Levitɔwo nawɔ lae nye be ne wo dometɔ aɖe xɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃ alo wu nenema la, ava wɔ subɔsubɔdɔ le nye agbadɔ la me. 25Ke ne eva xɔ ƒe bla atɔ̃ la, ele be wòado le dɔa me. 26Ema megbe ate ŋu akpe ɖe etɔwo ŋu awɔ subɔsubɔdɔ le agbadɔa me faa, ke magawɔ dɔ aɖeke le eɖokui si o. Aleae wòle be nàna Levitɔwo nawɔ woƒe dɔdeasiwoe.”
Currently Selected:
Mose IV 8: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: