Mose IV 28
28
Vɔsasa siwo woawɔ edziedzi
(Mos II, 29.38-46)
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ŋu, eye miatsɔe asa vɔe nam le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi. Nye nuɖuɖue wònye, eye eƒe ʋeʋẽ lílili dzea ŋunye. 3Nuɖuɖu si miatsɔ asa vɔe nam lae nye esi: Alẽvi eve siwo sɔ keŋ, eye woxɔ ƒe ɖekaɖeka lae woame asa vɔe gbe sia gbe. 4Miawu ɖeka le ŋdi me eye miawu evelia le ɣetrɔ me. 5Miatsɔ wɔ memee kilo ɖeka si wodzaba kple dzomi lita ɖeka awɔ nuɖuɖuvɔsa lae. 6Enye numemevɔsa si wowɔna edziedzi tso Sinai-to la gbɔ ke, eye wònye dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílili dzea ŋunye. 7Mitsɔ nunonovɔsa lita ɖeka kpe ɖe alẽvia ɖe sia ɖe ŋu, eye miakɔ wain la ɖe kɔkɔeƒe la le Aƒetɔ ŋkume. 8Miwɔ alẽvi evelia ŋudɔ le fiẽ me, eye nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa nakpe ɖe eŋu abe ale si miewɔe le ŋdi me ene. Miwɔ dzovɔsa la wòaʋẽ ɖem lílili.”
Dzudzɔgbe vɔsasa
9“Le Dzudzɔgbe la, miwɔ alẽvi eve ŋudɔ. Woanye alẽvi siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o, eye ɖe sia ɖe nexɔ ƒe ɖeka. Mitsɔ wɔ memee kilo eve si wodzaba kple ami wɔ nuɖuɖuvɔsa lae, eye wain si nye nunonovɔsa hã nakpe ɖe eŋu. 10Miasa numemevɔ sia dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe. Numemevɔsa kple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la nakpe ɖe eŋuti.
Vɔsasa le ɣleti sia ɣleti ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe
11“Gbe si gbe dzinu dze dzi la, mimè nu sa vɔe nam. Vɔsanuawo nanye: Nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adrẽ siwo naneke mewɔ afi aɖe na o, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. 12Le nuɖuɖuvɔsa gome la, mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔe kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Mitsɔ wɔ memee kilo eve si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe agbo ɖeka ŋu. 13Mitsɔ wɔ memee kilo ɖeka si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Numemevɔsa siawo nye nuɖuɖuvɔsa siwo ƒe ʋeʋẽ lílili dzea Aƒetɔ ŋu. 14Mitsɔ wain lita eve wɔ nunonovɔsa kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wain lita ɖeka kple afã nakpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, eye wain lita ɖeka nakpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Esia nanye ɖoɖo si dzi miawɔ ne dzinu dze dzi, eye miele numemevɔ sam. 15Hekpe ɖe numemevɔsa kple nunonovɔsa siwo miawɔ gbe sia gbe ŋu la, mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe nam.
Vɔsasawo le Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui ɖuɣi
(Mos III, 23.5-14)
16 #
Mos II, 12.1-13; Mos V, 16.1, 2. “Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia nye Paska na Aƒetɔ. 17#Mos II, 12.14-20; 23.15; 34.18; Mos V, 16.3-8.Ŋkeke Nyuia ɖuɖu nadze egɔme tso ŋkeke wui atɔ̃lia gbe, eye woaɖui ŋkeke adrẽ sɔŋ. Le ɣeyiɣi sia me la, miaɖu abolo si me womede aboloʋãnui o. 18Ŋkeke gbãtɔ nye takpegbe si le kɔkɔe; migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. 19Misa nuɖuɖuvɔ si nye numemevɔsa nam. Nu siwo ŋudɔ miawɔ lae nye: Nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple alẽvi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe axɔ ƒe ɖeka. 20Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wɔ memee kilo eve nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, 21eye wɔ memee kilo ɖeka nakpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 22Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe be wòalé avu na dukɔ la. 23Misa vɔ sia kpe ɖe numemevɔ si miesana gbe sia gbe ŋdi la ŋu. 24Hekpe ɖe numemevɔsa kple nunonovɔsa si miesana gbe sia gbe ŋu la, aleae miasa vɔe gbe sia gbe ŋkeke adrẽ sɔŋ. Nuɖuɖuvɔsa kple numemevɔsa siawo dzea ŋunye elabe woʋẽna ɖem lílili. 25Le ŋkeke adrẽa gbe la, mikpe ta miasubɔ Mawu, eye migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.
Vɔsasa le Nuŋeŋkeke Nyui ɖuɣi
(Mos III, 23.15-22)
26 #
Mos II, 23.16; 34.22; Mos V, 16.9-12. “Le Nuŋeŋkeke Nyui ɖuɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, mitsɔ bli yeye va sa vɔ nam. Gbe ma gbe nanye takpegbe tɔxɛ na mi, eye migawɔ dɔ aɖeke o. 27Mitsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒè ɖeka la sa numemevɔ nam. Vɔsa siawo dzea Aƒetɔ ŋu elabe woʋẽna ɖee lílili. 28Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, kilo eve nakpe ɖe agbo ɖeka ŋu, 29eye kilo ɖeka nakpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 30Emegbe woatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nuvɔ̃vɔ atsɔ alé avu na dukɔ lae. 31Hekpe ɖe numemevɔsa kple eƒe nuɖuɖuvɔsa si miewɔna edziedzi ŋu la, ele be miana nu siawo kple nunonovɔsa. Mikpɔ egbɔ be lãawo sɔ keŋkeŋ; ɖeke meganye lã nuwɔe o.
Currently Selected:
Mose IV 28: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.