Bible App logo
Search Icon

Mose IV 24

24
1Azɔ Bileam kpɔ be edze Aƒetɔ ŋu be wòayra Israel, eya ta megayi be yeaɖabia nu ta se abe tsã ene o. Ke boŋ etrɔ mo ɖe kegbegbe la, 2eye esi wòfɔ kɔ dzi la, ekpɔ ale si Israelviwo ƒe to vovovoawo ƒu asaɖa anyi wotɔxɛwotɔxɛe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va Bileam dzi, 3eye wògblɔ nya si le esi la ɖi be:
“Bileam, Beor vi, ame si ƒe ŋkuwo woʋu,
wòle nu kpɔm nyuie la
ƒe numegbee nye esi:
4Ame si sea Mawu ƒe nyawo,
eye wòkpɔa nu si Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ;
ame si tsyɔa mo anyi
gake eƒe ŋkuwo nɔa te ɖi la
ƒe gbedeasie nye esi:
5Yakob, wò agbadɔwo nyakpɔ loo!
Israel, wò nɔƒewo nyo ŋutɔ!
6Wole abe tɔʋu si mlo ɖe nu mii
le bali me heyi ene.
Woɖi abɔ le tɔsisi to.
Wole abe aloeti siwo Aƒetɔ do ene,
eye woɖi sedertiwo le tɔ to.
7Tsi adza fũu ɖe eƒe anyigba dzi,
eye wòaƒã nu ɖe tɔ geɖewo to.
Eƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag,
eye eƒe fiaɖuƒe akeke ɖe nu.
8Mawu kplɔ wo tso Egipte,
eye wòle na wo abe tò ƒe dzo ene.
Aɖu dukɔ siwo nye eƒe futɔwo dzi,
agbã woƒe ƒuwo,
eye wòatsɔ woƒe aŋutrɔwo aƒo ɖe wo.
9 # Mos I, 49.9; Mos I, 12.3. Dukɔ la le abe dzata si tsyɔ akɔ anyi
dɔ alɔ̃ ene.
Ame ka le enyɔ ge wòatso?
Ame sia ame si yra wò la,
Mawu ayrae.
Ame sia ame si ƒo fi de wò la,
Mawu aƒo fi ade eya hã.”
10Tete Balak do dɔmedzoe ɖe Bileam ŋu, si akpe sesĩe gblɔ na Bileam be: “Meyɔ wò vɛ be nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke ɖeko nètsɔ wo yra boŋ zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ! 11Azɔ netsɔ na wò! Yi mia de! Ɖe medi be made bubu ŋuwò hafi, gake Aƒetɔ na mègale ekpɔ ge o.” 12Bileam ɖo eŋu be: “Megblɔ na ame siwo nèɖo ɖe gbɔnye la be: 13‘Nenye be klosalo kple sika ayɔ wò fiasã taŋ nàtsɔ nam hã la, nyemawɔ naneke le ɖokuinye si o. Nya si Aƒetɔ be magblɔ ko magblɔ.’
Bileam ƒe gbeƒãɖeɖe mamlɛtɔ
14Bileam gblɔ na Balak be: Kpɔ ɖa, azɔ la, mele tɔtrɔ ge ayi mía detɔwo gbɔ, gake hafi madzo la, medi be magblɔ nu si Israelviwo le wò dukɔ wɔ ge le ɣeyiɣi si gbɔna me la na wò.” 15Tete Bileam gblɔ nya si le esi la ɖi be:
“Bileam, Beor vi, ame si ƒe ŋkuwo woʋu,
wòle nu kpɔm nyuie la
ƒe numegbee nye esi:
16Ame si sea Mawu ƒe nyawo,
eye wòdzea si Dziƒoʋĩtɔ ƒe susuwo;
ame si Ŋusẽkatãtɔ la ɖea nu fiana,
etsyɔ mo anyi
gake eƒe ŋkuwo le te ɖi la
ƒe gbedeasie nye esi:
17Mele nu si le dzɔdzɔ ge la kpɔm ɖa;
ke madzɔ fifia o.
Mele Israel-dukɔa kpɔm ɖa,
ke egbɔ metsɔ o.
Ɣletivi ado tso Yakob ƒeme,
eye fiatikplɔ ado tso Israel me.
Awu Moab-megãwo,
eye wòatsrɔ̃ Set ƒe amewo keŋ.
18Axɔ Edom ƒe anyigba.
Axɔ eƒe futɔ Seir hã tɔ;
Ke Israel ya anɔ dzi ɖum kalẽtɔe.
19Ame atso Yakob ƒe dzidzime aɖu dzi,
eye wòatsrɔ̃ ame siwo tsi agbe
le duwo me la keŋ.”
20Azɔ Bileam kpɔ Amalekitɔwo le ŋutega la me,
eye wògblɔ nya ɖi le wo ŋu be:
“Amalek ye nye gbãtɔ le dukɔwo dome;
ke ava tsrɔ̃ godoo!”
21Ekpɔ Kenitɔwo hã le ŋutega la me,
eye wògblɔ nya ɖi le wo ŋu be:
“Afi si nèwɔ nɔƒe ɖo la sesẽ,
eye wòle abe atɔ le agakpe tame ene.
22Ke woatsrɔ̃ wò Kain;
esusɔ vie Asur naɖe aboyo wò.”
23Bileam gagblɔ nya ɖi be:
“Aléle! Ame ka atsi agbe
ne Mawu wɔ nu sia?
24Amewo anɔ tɔdziʋuwo me
atso Kitim ava,
eye woabɔbɔ Asur kple Eber ɖe anyi.
Ke woaɖu woawo hã dzi
atsrɔ̃ wo gbidii.”
25Esia megbe la, Bileam gbugbɔ va wo de, eye Balak hã dzo.

Currently Selected:

Mose IV 24: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Mose IV 24