Bible App logo
Search Icon

Mose IV 21

21
Israelviwo ɖu Kanaantɔwo dzi
1 # Mos IV, 33.40. Esi Kanaantɔ, Arad-fia si le anyigbeme lɔƒo la se be Israelviwo to Atarim-mɔ gbɔna la, ewɔ aʋa kpli wo, eye wòɖe aboyo wo dometɔ aɖewo. 2Tete Israelviwo ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ be: “Ne àna míaɖu dukɔ sia dzi la, ekema míatsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.” 3Aƒetɔ se woƒe gbedodoɖa, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Ale wotsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi, eye wona ŋkɔ teƒe ma be Xorma#21.3: XORMA: Le Hebri-gbe me la, ŋkɔ sia gɔme nye “nutsɔtsrɔ̃.”.
Da si wowɔ kple akɔbli
4 # Mos V, 2.1. Esi woho tso Hor-to la gbɔ la, woɖo ta Aƒlaƒu la nu be woaɖe Edom-nyigba ɖe axadzi. Ke dukɔ la de dzi do ge le mɔa dzi do kpoe, 5#Kor I, 10.9.eye wogblɔ nyawo ɖe Mawu kple Mose ŋu. Wogblɔ be: “Nu ka ta miekplɔ mí tso Egipte va gbedadaƒo le afii be míava ku ɖi? Nuɖuɖu kple tsi aɖeke meli o. Gawu la, nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí!” 6Tete Aƒetɔ ɖo da vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome siwo ɖu wo ale be ame geɖe ku le Israel. 7Dukɔ la va Mose gbɔ va gblɔ nɛ be: “Míewɔ nuvɔ̃ be míegblɔ nya ɖe wò kple Aƒetɔ ŋu. Ɖe kuku na Aƒetɔ na mí ne wòana daawo nadzo le mía dome.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe dukɔa ta. 8Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Wɔ da vɔ̃ɖi la ƒe dzedzeme, eye nàtsɔe ku ɖe ati ŋu, ale be ne da ɖu ame aɖe wòkpɔe ko wòatsi agbe.” 9#Fia II, 18.4; Yoh 3.14.Ale Mose tsɔ akɔbli wɔ da heku ɖe ati ŋu, eye ne da ɖu ame aɖe wòkpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.
Israelviwo ho tso Hor-to la gbɔ yi Moabtɔwo ƒe bali me
10Israelviwo ho va ƒu asaɖa anyi ɖe Obot. 11Esi woho tso afi ma la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe gbedadaƒo le Yie-Abarim si le Moab ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 12Woho tso afi ma heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zered-bali me. 13Esi wotso le afi ma la, wova gbedadaƒo le Arnon-tɔsisi si dzɔ tso Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la nu. Arnon-tɔsisi nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome. 14Esia tae woŋlɔ ɖe “Aƒetɔ ƒe aʋawɔwɔwo ŋutinyagbalẽ” me be:
“Waheb-du le Sufa-nutome
kple Arnon-baliwo
15kple tɔʋu la ƒe go si ɖo ta Ar-nutowo me, eye wòdo liƒo na Moab.”
16Emegbe woho tso afi ma, eye wova vudo aɖe gbɔ. Vudo sia ŋue Aƒetɔ gblɔ na Mose le be: “Ƒo dukɔ la nu ƒu ne mana tsi wo.” 17Ɣe ma ɣi la, Israelviwo dzi ha sia be:
“Vudo, dzi!
Midzi ha nɛ!
18Vudo si fiaviwo ɖe.
Vudo si bubumewo ɖe.
Woƒe atikplɔ
kple woƒe atizɔtiwoe wotsɔ ɖee.”
Esi wotso le gbedadaƒo sia la, wova Matana. 19Wotso le Matana va Naxaliel, eye tso Naxaliel wova Bamot. 20Tso Bamot wova bali la me le Moab-nyigba dzi le Pisga-to si dze ŋgɔ gbedadaƒoa la gbɔ.
Israelviwo ɖu fia Sixon kple fia Og dzi
(Mos V, 2.26—3.11)
21Tete Israelviwo dɔ amewo ɖe Sixon, Amori-fia gbɔ be wonegblɔ nɛ be: 22“Na mato wò anyigba me ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míano vudo aɖeke me tsi hã o. Ke boŋ míato fia ƒe mɔ gã dzi ko tẽe va se ɖe esime míato wò anyigba me ayi.” 23Ke Sixon gbe be yemaɖe mɔ na Israelviwo be woato yeƒe anyigba me ayi o. Eƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu, eye woho tso gbedadaƒo le Yaza ɖakpe aʋa kple Israelviwo. 24Israelviwo wu wo dometɔ geɖe le aʋa la me, eye woxɔ Sixon ƒe anyigba tso Arnon-tɔʋu la gbɔ va se ɖe Yabok nu heva ke ɖe Amon viwo ŋu, elabe Amon viwo nɔ woƒe liƒo ŋu dzɔm sesĩe. 25Ale Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã. Woxɔ Xesbon kple eŋu duwo katã hã, eye wonɔ wo me. 26Xesbon nye Amoritɔwo ƒe fia Sixon ƒe du gã. Sixon wɔ aʋa kple Moab-fia si nɔ anyi tsã, eye wòxɔ eƒe anyigba katã le esi va se ɖe Arnon nu. 27Eya ta hɛnɔwo sia ahama gblɔna be:
“Miva Xesbon.
Mina woagbugbɔe atso.
Mina woagbugbɔ Sixon
ƒe du la atso, wòasesẽ.
28 # Yer 48.45, 46. Dzo do tso Xesbon.
Dzo ƒe aɖe tso Sixon ƒe du la me,
eye wòfiã Moabtɔwo ƒe Ar
kple Arnon ŋu nɔlawo.
29Baba na mi, Moabtɔwo!
Evɔ na mi, mi Kemostɔwo!
Mia mawu na via ŋutsuwo
zu aʋasilawo,
eye via nyɔnuwo zu Amori-fia, Sixon
ƒe aboyomewo.
30Ale woƒe dzidzimeviwo tsrɔ̃
tso Xesbon va se ɖe Dibon.
Míetsrɔ̃ wo tso Nasim
va do ɖe Nofa le Medeba gbɔ.”
31Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi, 32eye Mose dɔ amewo be woayi aɖatsa ŋku le Yazer. Woxɔ eŋu duwo eye wonya Amoritɔ siwo le afi ma la ɖa. 33Emegbe Israelviwo trɔ dze Basan-mɔ dzi. Tete Og, Basan-fia kple eƒe aʋakɔ ho va kpe wo le Edrei. 34Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Mègavɔ̃e o. Mana nàɖu eya ŋutɔ, dukɔa kple anyigba bliboa dzi. Nu si nètu kple Sixon, Amori-fia si nɔ Xesbon la, tui kple eya hã.” 35Ale Israelviwo wu Og kple via ŋutsuwo kpakple eƒe dukɔmetɔwo katã; ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o, eye woxɔ woƒe anyigba la.

Currently Selected:

Mose IV 21: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Mose IV 21