Bible App logo
Search Icon

Mose IV 20

20
Nya siwo dzɔ le Kades
(Mos II, 17.1-7)
1Le ɣleti gbãtɔ me la, Israelviwo ƒe ha blibo la va Zin-gbedadaƒo, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Miryam ku le afi ma eye woɖii ɖe afi ma.
2 # Mos II, 17.1-7. Tsi aɖeke menɔ afi si woƒu asaɖa anyi ɖo o, eya ta wokpe ta eye wotsi tre ɖe Mose kple Aron ŋu. 3Wowɔ dzre kple Mose be: “Ne míawo hã ɖe míeku le Aƒetɔ ƒe agbadɔa ŋgɔ kple mía nɔvi Israelvi mawo la, ne enyo wu! 4Nu ka ta gɔ̃ miekplɔ mí va gbedadaƒo le afii? Menye esi mí kple míaƒe lãhawo míava ku ɖi tae oa? 5Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte va teƒe vlo sia, afi si nuku aɖeke mawɔ le o? Bli, gboti, wain kple yevuboɖati aɖeke mele afi sia o. Tsi teti hã meli ame nano o!” 6Tete Mose kple Aron dzo le ha la gbɔ heyi ɖe godoƒegbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe wo dzi. 7Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 8“Tsɔ atikplɔ si le nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wò kple Aron miaƒo ha blibo la nu ƒu. Ƒo nu kple agakpe la le wo ŋkume be nena tsi nado tso eme. Aleae miawɔ ana tsi nado tso agakpe la me ne ha la kple woƒe lãwo nano.” 9Mose yi ɖatsɔ atikplɔ la abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
10Eya kple Aron ƒo ha la nu ƒu ɖe agakpe la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mi aglãdzela siawo! Misee! Ɖe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?” 11#Nya 11.4.Tete Mose kɔ atikplɔ la dzi, ƒo agakpe la zi eve, eye tsi do bababa tso eme na ha la kple woƒe lãwo wono. 12Ke Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: “Esi miexɔ dzinye se bliboe o, eye miekɔ ŋunye le Israelviwo ŋkume o ta la, nyemana miakplɔ ha sia ade anyigba si metsɔ na wo la dzi o.” 13Esia nye Meriba-tsi#20.13: MERIBA: Le Hebri-gbe me la, ŋkɔ sia gɔme nye “dzrewɔwɔ.”. Afi siae Israelviwo wɔ dzre kple Aƒetɔ le, eye wòɖe eɖokui fia wo le be ɖe yele kɔkɔe.
Edom-fia gbe mɔnana Israelviwo
14Mose dɔ dɔlawo le Kades ɖo ɖe Edom-fia gbɔ. Amedɔdɔawo gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔ ènya nu sesẽ siwo dzɔ ɖe mía dzi. 15Ènya be mía tɔgbuiwo ʋu va Egipte, eye míenɔ afi ma eteƒe didi. Egiptetɔwo sẽ tame le mí kple mía tɔgbuiwo ŋu, 16eye míedo ɣli yɔ Aƒetɔ be nexɔ na mí. Ese míaƒe ɣlidodo, eye wòdɔ mawudɔla aɖe ɖa wòva kplɔ mí tso Egipte. Azɔ míeva ɖo Kades si nye du si le wò liƒo dzi la me. 17Míeɖe kuku, nà míato wò anyigba me ayi. Míele agble alo wainbɔwo me to ge o. Míele vudo aɖeke me tsi hã no ge o. Míato fia ƒe mɔ gã dzi tẽe, eye míadze ɖe afi aɖeke o, va se ɖe esime míato wò anyigba me ayi.” 18Ke Edom ɖo eŋu be: “Míana miato afii ava yi o. Ne mietee kpɔ la, matso ɖe mia ŋu awɔ aʋa kpli mi.” 19Tete Israelviwo gblɔ nɛ be: “Mɔ gã dzi ko míedi be míato ayi. Ne míawo loo, alo míaƒe lãwo no miaƒe tsi la, míaxe fe ɖe eta. Ɖeko míedi be míazɔ edzi ayi; evɔ. Míedi naneke wu esia o.” 20Ke woawo gaɖo eŋu be: “Míegbe. Miele edzi to ge ayi akpɔ o!” Ale Edomtɔwo tso ɖe wo ŋu kple aʋakɔ sesẽ aɖe be ne wokatsa la, yewoawɔ aʋa kpli wo. 21Esi Edomtɔwo gbe be Israelviwo mato yewoƒe anyigba dzi ayi o ta la, wodze to mɔ bubu to wo ŋu yi.
Aron ƒe ku
22Israel ƒe ha blibo la ho tso Kades, eye wova Hor-to gbɔ. 23To sia le Edom-nyigba ƒe liƒo dzi. Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron le afi ma be: 24“Aron made anyigba si ŋugbe medo na Israelviwo la dzi o. Aku, elabe mi ame evea miesẽ to gbe nye gbe dzi wɔwɔ le Meriba. 25Kplɔ Aron kple via ŋutsu Eleazar yi Hor-to la dzi.” 26Ɖe eƒe awuwo le eŋu nàdo na via Eleazar; ke Aron aku ɖe afi ma.” 27Mose wɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene. Wolia to la le ha blibo la ŋkume, 28#Mos II, 29.29; Mos IV, 33.38; Mos V, 10.6. eye Mose ɖe awuawo le Aron ŋu hedo na via Eleazar. Ale Aron ku le toa tame le afi ma, eye Mose kple Eleazar ɖi tso toa dzi. 29Esi ha blibo la kpɔ be Aron megali o la, wofae ŋkeke bla etɔ̃ sɔŋ.

Currently Selected:

Mose IV 20: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in