Mose IV 19
19
Nyinɔ dzẽ ƒe afi
1Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: 2“Se si Aƒetɔ de lae nye esi: “Milé nyinɔ dzẽ si sɔ keŋ, nu mewɔ afi aɖeke nɛ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ wòwɔ dɔ kpɔ o la vɛ. 3Mitsɔe na nunɔla Eleazar, ne wòana woakplɔe ayi asaɖa la godo, eye woawui le eŋkume. 4Nunɔla Eleazar nede asi eƒe ʋu me hlẽ ɖo ɖe afi si nye agbadɔ la dze ŋgɔe lɔƒo zi adrẽ. 5Azɔ woatɔ dzo nyinɔ blibo la; eƒe agbalẽ, lã, ʋu kple dɔmenuwo katã nafiã. 6Nunɔla la natsɔ sederti ƒe akpa aɖe, hisɔp#19.6: HISƆP: Enye gbe aɖe si wotsɔna hlẽa tsi le mawusubɔsubɔ kɔnuwɔɣi aɖewo. kple ka dzẽ aƒu gbe ɖe dzo si le nyinɔa fiãm la me. 7Emegbe nunɔla la nanya eƒe awuwo eye wòale tsi. Ekpɔ mɔ azɔ atrɔ yi ɖe asaɖa la me; ke eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ. 8Ame si tɔ dzo nyinɔa hã nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; ke eya hã ŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ. 9#Heb 9.13. Azɔ ŋutsu si ŋu kɔ le kɔa nu la nalɔ nyinɔ la ƒe afi la atsɔ yi teƒe kɔkɔe aɖe le asaɖa la godo, eye wòadzrae ɖo ɖe afi ma na Israelviwo ƒe ha la. Dzofi sia ŋudɔe woawɔ ne wole ameŋukɔtsi wɔm be woasa vɔ atsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖa. 10Ame si lɔ nyinɔ ƒe afia nanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe fiẽ. Esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa na Israelviwo kple amedzro siwo le wo gbɔ la.
Tete ɖe ame kuku ŋu
11“Ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu la, eŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe esime ŋkeke adrẽ nava yi. 12Atsɔ tsi la akɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe, eye eŋuti akɔ. Evɔ ne mekɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple adrẽlia gbe o la, eŋu makɔ o. 13Ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu o la, ede busu eɖokui ŋu eye eŋu mekɔ o, elabe womewú ameŋukɔtsi ɖe eŋu o. Ame sia do gu Aƒetɔ ƒe nɔƒe la eya ta ele be woaɖee ɖa le Israelviwo dome.”
14“Se bubue nye be ne ame ku le agbadɔ aɖe me la, ame si le agbadɔa me kplii hafi wòku kple ame si va ge ɖe agbadɔa me la siaa ŋu mekɔ o, le kɔa nu, va se ɖe esime ŋkeke adrẽ nava yi. 15Nu sia nu si le nuvo, eye wometu nu ɖe enu o la hã ŋu mekɔ o. 16Ame sia ame si yi gbe me, eye wòka asi ame si wowu kple yi ŋu, alo ame kuku aɖe ŋu, alo ameƒu ŋu alo yɔdo ŋu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adrẽ. 17Ne wole nu makɔmakɔ ŋu kɔm la, woakɔ nyinɔ dzẽ si wotɔ dzoe la ƒe afi ɖe ze me, eye woakɔ tɔsisi me tsi ɖe edzi. 18Gbã la, ŋutsu si ŋu kɔ la natsɔ hisɔp ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, emenuwo katã kple ame siwo katã le afi ma la ŋu. Nenema ke woawui ɖe ame si ka asi ameƒu, ame si wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui. 19Le ŋkeke etɔ̃a kple adrẽa gbe la, ame si ŋu kɔ le kɔa nu la nawu tsia ɖe ame si ŋu mekɔ o la ŋu. Emegbe ame la anya eƒe awuwo, eye wòale tsi ekema le fiẽ me la, eŋu kɔ.”
20“Ke ame si ŋu mekɔ o, eye mekɔ eɖokui ŋu o la, de busu eɖokui ŋu eye eŋu mekɔ o elabe womewú ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o. Ame sia do gu Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒe la eya ta ele be woaɖee ɖa le ha la me. 21Esia nanye ɖoɖo si anɔ anyi ɖaa na mi. Ame si wú ameŋukɔtsia la nanya eƒe awuwo, eye ne ame aɖe ka asi ameŋukɔtsia ŋu la, eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ. 22Nenema ke nu sia nu si ŋu ame si ŋu mekɔ o la ka asii la ŋu mekɔ o, eye ne ame aɖe ka asi nu ma ŋu la, eya hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.”
Currently Selected:
Mose IV 19: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: