YouVersion Logo
Search Icon

Mose IV 2

2
Ɖoɖo si me toawo nanɔ le asaɖa la me
1Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: 2“Ne Israelviwo ƒu asaɖa anyi la, to sia to nanɔ aflaga si nye wo tɔ́wo ƒe to ƒe dzesi la gbɔ, eye woaƒo xlã adze ŋgɔ godoƒegbadɔ la godoo. 3Yuda-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣedzeƒe gome. Yuda viwo ƒe amegã nye Naheson, Aminadab vi, 4ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla adrẽ vɔ ene alafa ade. 5Isaxar-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaxar viwo ƒe amegã nye Netaneel, Zuar vi, 6ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ ene alafa ene. 7Zebulon-to la naƒu asaɖa anyi ate ɖe wo ŋu. Zebulon viwo ƒe kplɔla nye Eliab, Xelon vi, 8ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ adrẽ alafa ene. 9Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me hamehame la le ame akpe alafa ɖeka bla enyi vɔ ade alafa ene. Woawo naho gbã.
10“Ruben-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le anyigbeme. Ruben viwo ƒe amegã nye Elizur, Sedeur vi, 11ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene vɔ ade alafa atɔ̃. 12Simeon-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon viwo ƒe kplɔla nye Selumiel, Zurisadai vi, 13ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ asieke alafa etɔ̃. 14Gad-to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad viwo ƒe kplɔla nye Elyasaf, Reguel vi, 15ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ade bla atɔ̃. 16Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me hamehame la le ame akpe alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ ɖekɛ alafa ene bla atɔ̃. Woawo nanye evelia aho.
17“Azɔ la, Levi viwo natsɔ godoƒegbadɔ la anɔ hatsotso gbãtɔ eveawo kple mlɔetɔ eveawo titina. Hatsotso ɖe sia ɖe naho le ɖoɖo sinu woƒu asaɖa anyi ɖo me, eye ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
18“Efrayim-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le ɣetoɖoƒe gome. Efrayim viwo ƒe kplɔla nye Elisama, Amihud vi, 19ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene alafa atɔ̃. 20Manase-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase viwo ƒe kplɔla nye Gamaliel, Pedazur vi, 21ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla etɔ̃ vɔ eve alafa eve. 22Benyamin-to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin viwo ƒe kplɔla nye Abidan, Gideoni vi, 23ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene. 24Aʋawɔla siwo katã le Efrayim ƒe asaɖa me hamehame la, le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka. Woawo nanye ha etɔ̃lia aho.
25“Dan-to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ hamehame le dzigbeme gome. Dan viwo ƒe kplɔla nye Axiezer, Amisadai vi, 26ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ade vɔ eve alafa adrẽ. 27Aser-to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Aser viwo ƒe kplɔla nye Pagiel, Oxran vi, 28ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla ene vɔ ɖekɛ alafa atɔ̃. 29Naftali-to la nakpe ɖe wo ŋu. Naftali viwo ƒe kplɔla nye Axira, Enan vi, 30ame si ƒe aʋawɔlawo le ame akpe bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene. 31Aʋawɔla siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ adrẽ alafa ade. Woawo nanye ha mamlɛtɔ aho le woƒe aflagawo nu.”
32Ame siwo katã woxlẽ le asaɖaawo me le Israelviwo dome, hatsotso hatsotso la, ƒe xexlẽme nye akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ bla atɔ̃. 33Ke womexlẽ Levi viwo ya ɖe eme o, elabe Aƒetɔ gblɔ be womegaxlẽ wo o.
34Ale Israelviwo wɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene. Woƒu asaɖa anyi eye ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe aflaga gbɔ. Ne woho la, wohona le ɖoɖo la nu, eye ame sia ame kple eƒe ƒome zɔna le woƒe aƒekɔwo nu.

Currently Selected:

Mose IV 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in