Mose IV 10
10
Klosalokpẽwo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Tsɔ klosalo tu kpẽ eve. Woawoe nàku ayɔ ameha la aƒo ƒu, eye woawo kee nàgaku ana asaɖaawo naho adzo. 3Ne woku kpẽ eveawo, eye wohe wo me la, ha blibo la nava ƒo ƒu ɖe gbɔwò le agbadɔ la nu. 4Ke ne woku kpẽ ɖeka ko la, Israel-ha la ƒe kplɔlawo kple toawo ƒe tatɔwo nava ƒo ƒu ɖe gbɔwò. 5Ne woku kpẽawo, eye wotso wo kpukpukpui la, asaɖa si le ɣedzeƒe gome la naho adzo. 6Ne wogaku wo zi evelia eye wogatso wo kpukpukpui la, asaɖa si le anyigbeme gome la naho adzo. Ale woaku kpẽawo kpukpukpui ne èdi be ha la naho adzo, 7ke woaku wo ahe wo me ne èdi be ha la nava kpe ta. 8Kpẽawo kulawo nanye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo. Mia viwo nawɔ ɖoɖo si gbɔna le kpẽawo ŋu la dzi tso dzidzime yi dzidzime. 9Ne miekpe aʋa kple futɔ aɖe le miaƒe anyigba dzi la, miku kpẽawo kpukpukpui, eye nye Aƒetɔ, mia Mawu, maɖo ŋku mia dzi, aɖe mi tso miaƒe futɔwo si me. 10Azɔ le miaƒe dzidzɔkpɔɣiwo, le kpɔɖeŋu me le ŋkekenyui ɖuɣiwo kple dzinu yeye ŋkekenyui ɖuɣiwo la, miku kpẽawo ne miele numemevɔ kple ŋutifafavɔ sam, eye wòana maɖo ŋku mia dzi. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.”
Israelviwo ho dzo
11Le ƒè evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke bla evelia gbe la, alilikpo la ho le agbadɔ si me nubabla le la tame, 12eye Israelviwo ho ɖe wo nɔewo yome tso Sinai-gbedadaƒo la dzo. Alilikpo la zɔ va tɔ ɖe Paran-gbedadaƒo. 13Zi gbãtɔ nye esi woho esi Aƒetɔ de se na wo to Mose dzi. 14Yuda viwo ƒe asaɖa lae hona gbã kple woƒe aflaga hamehame. Wo kplɔlae nye Naheson, Aminadab vi. 15Netaneel, Zuar vi, nye Isaxar-to ƒe aʋakɔkplɔla, 16eye Eliab, Xelon vi le Zebulon-to ƒe aʋakɔ nu.
17Azɔ la, wokakaa agbadɔa, eye Gerson viwo kple Merari viwo tsɔa nuawo, eye wohona dzona. 18Eyome Ruben ƒe asaɖa la hona kple woƒe aflaga le ha vovovowo me eye woƒe aʋakɔ la kplɔlae nye Elizur, Sedeur vi. 19Simeon-to ƒe aʋakɔkplɔlae nye Selumiel, Zurisadai vi, 20eye Elyasaf, Deguel vi, le Gad-to ƒe aʋakɔ nu.
21Emegbe Kehat viwo, siwo nye nu kɔkɔeawo tsɔlawo hona kple nuawo, eye kaka woawo naɖo afi si ameha nagaƒu asaɖa anyi le la, wotua agbadɔa ɖi xoxo. 22Eyome Efrayim hona kple woƒe aflaga le ha vovovowo me, eye woƒe aʋakɔkplɔlae nye Elisama, Amihud vi. 23Manase-to ƒe aʋakɔkplɔlae nye Gamaliel, Pedazur vi, 24eye Abidan, Gideon vie le Benyamin-to ƒe aʋakɔ nu.
25Dan-toe nye mamlɛtɔ si hona kple woƒe aflaga le hatsotso vovovowo me eye woawoe xea megbe na aʋakɔawo katã. Wo kplɔlae nye Axiezer, Amisadai vi. 26Aser-to ƒe aʋakɔkplɔlae nye Pegiel, Oxran vi, 27eye Axira, Enan vie nye Naftali-to ƒe aʋakɔkplɔla. 28Nenye be Israelviwo le ʋuʋum be yewoadzo ayi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu la, alea wohonae.
29Mose gblɔ na nyoa Hobab, Yetro, Midiantɔ la ƒe vi be: “Míeho yina ɖe teƒe si ŋugbe Aƒetɔ do be yeana mí la dzi. Edo ŋugbe na Israel be yeana nu nanyo nɛ, eya ta wò hã va míyi. Ne nu nyo na mí ko, enyo na wò hã.” 30Hobab ɖo eŋu be: “Gbeɖe, nyemayi o. Magbugbɔ ayi aƒe boŋ.” 31Mose gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, mègagblẽ mí ɖi nàdzo o. Ènya gbedadaƒo la, eye afi siwo míaƒu asaɖa anyi ɖo la le nyanya na wò, eya ta nɔ mía ŋu nàfia afɔɖoƒe mí. 32Ne èyi kpli mí la, wò hã àkpɔ gome le nu nyui ɖe sia ɖe si Aƒetɔ ana mí la, me.”
Dukɔa ho
33Ale dukɔ la ho tso Aƒetɔ ƒe to la gbɔ, eye wozɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ. Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la dze wo ŋgɔ be wòatia teƒe si woaƒu asaɖa anyi ɖo la na wo. 34Ne woho tso asaɖa aɖe me yina teƒe bubu la, Aƒetɔ ƒe alilikpo la nɔa wo tame le ŋkeke me.
35 #
Ps 68.1. Ne aɖaka la ho ɣe sia ɣi la, Mose gblɔna be: “Aƒetɔ, tso ɖe wò futɔwo ŋu! Na woaka ahlẽ! Na woasí!” 36Ne aɖakaa tɔ la, egblɔna be: “O Aƒetɔ, gbugbɔ va Israelvi akpe ewo ƒe akpeawo dome!”
Currently Selected:
Mose IV 10: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.