Naxum 2
2
Wogbã Ninive-du la
1Nugbãla tso ɖe ŋuwò.
Dzɔ wò sitsoƒexɔwo ŋu.
Nɔ ŋudzɔ nànɔ mɔ dzi kpɔm.
Bla ali dzi;
dzra ɖo kple wò ŋusẽ katã.
2(Elabe Aƒetɔ gale Yakob ƒe bubu ɖom te
abe Israel ƒe bubu ene;
elabe nuhalawo ha wo,
eye wogblẽ eƒe alɔdzewo keŋkeŋ.)
3Eƒe kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo
biã hẽe;
eƒe asrafowo le nyagãdzĩwu me.
Tasiaɖamwo le keklẽm abe dzo ƒe aɖe ene.
Ne woɖo ɖe fli me la,
wonyea woƒe akplɔwo.
4Tasiaɖamwo le zi nyem
le kpɔdomeewo kple ablɔwo dzi,
le yiyim, le gbɔgbɔm.
Woklẽ abe akakatiwo ene;
woɖe abla abe dzikedzo ene.
5Woyɔ aʋakplɔlawo,
wole nu klim le yiyim.
Futɔwo ɖe abla yi duglia gbɔ,
wotu akpoxɔ ɖi.
6Woʋu agbo siwo le tɔsisia gbɔ lɔƒo.
Vɔvɔ̃ lé fiasã la me nɔlawo.
7Woɖe nu le fia srɔ̃ ŋu,
hekplɔe dzoe amamae.
Eƒe nyɔnudɔlawo nɔ akɔta ƒom,
nɔ fafam nɛ abe ahɔnɛ ene
henɔ vevesese ɖem fia.
8Ninivetɔwo do le dua me bibibi
abe tsisisi tso tsikpo gbagbã me ene.
Wodo ɣli be: “Mitɔ! Mitɔ!”
Ke ame aɖeke menye kɔ kpɔ megbe o.
9Miha klosalo!
Miha sika!
Kesinɔnuwo li zã!
Nu xɔasi veviwo yɔ dua!
Miha wo!
10Ninive gbã!
Egbã zu du ƒuƒlu!
Vɔvɔ̃ ɖo amewo,
woƒe klowo le ƒoƒom kpakpakpa.
Ŋusẽ vɔ le wo ŋu,
wole dzodzom nyànyanya.
Woƒe mo trɔ!
11Afi ka dzatawo ƒe do la le,
afi ka dzataviwo ƒe agado la le,
afi si dzata léa nu vanɛ,
eye dzataviwo nɔa anyi
naneke medoa ŋɔdzi na wo o?
12Dzata vuvu lã ale si nu atu viawo,
eye wòwu ɖewo tsɔ vɛ
na dzatanɔwo hã.
Elé lã geɖe vuvu
va kɔ ɖe enɔƒe fũu.
13Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò azɔ. Matɔ dzo wò tasiaɖamwo, eye wò kalẽtɔwo atsi aʋa. Matsi wò adzodada nu le anyigba dzi. Ŋusẽ avɔ le ŋuwò keŋ; ame aɖeke magase ŋkɔwò azɔ o.”
Currently Selected:
Naxum 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.