Mixa KPƆKPLƆYIƉEME
KPƆKPLƆYIƉEME
Gbeƒãɖela Mixa, ame si nɔ agbe le Yesaya ŋɔli la tso agbletadu aɖe me le Yuda, anyigbeme fiaɖuƒea me. Ekpɔe dze sii kɔtɛe be dzɔgbevɔ̃e gã aɖe, si tɔgbe Amos ɖe gbeƒãe le dzigbeme fiaɖuƒea ŋu la, le dzɔdzɔ ge ɖe dukɔa dzi le nu ma ƒomeviwo ta. Esia anye Mawu ƒe tohehe na dukɔa le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ vivivo si le edzi yim le eme la ta. Togbɔ be Mixa ƒe gbeƒãɖeɖe la ku ɖe tohehe si woana dukɔa ŋu hã la, mɔkpɔkpɔ le gbedeasia me na dukɔa le ɣeyiɣi siwo kplɔe ɖo la me.
Nya vevi siwo le agbalẽa me la dometɔ aɖewo nye: Mawu ana ŋutifafa nava xexea me katã. (4.1-4); nyagblɔɖi le fia xɔŋkɔ aɖe ƒe dzɔdzɔ ɖe David ƒomea me, ame si lahe ŋutifafa vɛ na dukɔa la ŋu (5.2-5a). Agbalẽa ƒe tòtoɖeme nye ta 6.8 me nyawo. Enye nya si Israel-gbeƒãɖelawo ɖea gbeƒãe godoo. Eyae nye: “Nu si ko dim wòle tso asiwò lae nye: nàwɔ nu si le eteƒe, nàlɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ahazɔ kple Mawu.”
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel kple Yuda 1.1—3.12
Nuwo gbugbɔɖɔɖo kple ŋutifafa ƒe vava 4.1—5.15
Gbedeasi siwo me nyagbename kple mɔkpɔkpɔ le 6.1—7.20
Currently Selected:
Mixa KPƆKPLƆYIƉEME: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.