YouVersion Logo
Search Icon

Mixa 6

6
Nya si Aƒetɔ tsɔ ɖe Israel ŋu
1Mise nya si gblɔm Aƒetɔ le la ɖa.
Tso ne nàto wò nya le towo ŋkume,
eye nà togbɛwo nase wò gbe.
2Mi towo, mise Aƒetɔ ƒe dzrenya!
Mi anyigba ƒe gɔmeɖoɖo
si li tegbee hã, misee.
Elabe Aƒetɔ tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋu.
Ele nya he ge kple Israel.
3“Ao, nye dukɔ, nu kae mewɔ ɖe ŋuwò?
Nu ka mee meɖe fu na wò le?
Ɖo eŋu nam.
4 # Mos II, 12.50, 51; Mos II, 4.10-16; Mos II, 15.20. Elabe mekplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi,
eye meɖe wò tso kluvinyenye me.
Medɔ Mose, Aron kple Miryam
ɖe ŋgɔwò.
5 # Mos IV, 22.2—24.25; Yos 3.1—4.19. O, nye dukɔ, ɖo ŋku nu si Moab-fia Balak ɖo
be yeawɔ wò
kple ale si Bileam, Beor vi la ɖo eŋu nɛ la dzi.
Ɖo ŋku nu siwo dzɔ tso Sitim
va se ɖe Gilgal dzi,
nàdze si Aƒetɔ ƒe xɔname.”
Nu si dim Aƒetɔ le
6Nu kae matsɔ ɖe asi ava Aƒetɔ ŋkume,
eye made ta agu ɖe Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume?
Ðe matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la ɖe asi ayi eŋkume,
be mawɔ numemevɔsa nɛa?
7Ðe agbo akpe nanewo kple amitɔʋu akpeakpewo
adze Aƒetɔ ŋua?
Ðe matsɔ nye ŋgɔgbevi anae
ɖe nye dzidada ta
kple nye dɔmevi ana
ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa?
8O, amegbetɔ,
egblɔ nu si nyo la na wò.
Nu ka dim Aƒetɔ le be nàwɔ?
Ɖe menye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,
nàlɔ̃ dɔmenyowɔwɔ,
eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ahazɔ kple wò Mawu oa?
Aƒetɔ ahe to na eƒe dukɔ
9Aƒetɔ ƒe gbe ɖi bobobo yɔ du la
eye enye nunya deto
be woavɔ̃ wò ŋkɔ.
“Dua ƒe to kple ameha la misee.
10Ðe mate ŋu aŋlɔ kesinɔnu siwo miekpɔ to mɔ vɔ̃ɖi dzi,
eye wole ame vɔ̃ɖiwo ƒeme la bea?
Ðe mate ŋu aŋlɔ amebanudzidzenu
si dzi fiƒode le la bea?
11Ðe mate ŋu atso afia
na ame si wɔa amebanudanu ŋudɔ,
eye amebanudakpe le eƒe kotoku mea?
12Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasesẽ,
dua me nɔlawo kaa aʋatso,
eye alakpaɖe le nu me na wo.
13Eya ta nye hã medze tohehe gɔme na mi,
eye megblẽ mia dome le miaƒe nuvɔ̃wo ta.
14Miaɖu nu;
ke miaɖi ƒo o,
eye dɔ aganɔ mia wum boŋ.
Miadzra nu ɖo,
ke manɔ anyi o,
eye nu si medzra ɖo la,
matsɔe ade asi na yi.
15Miaƒã nu, ke miaŋee o.
Miawɔ ami, ke miakpɔ ɖeke asi ɖe ŋuti gɔ̃ hã o.
Miafiã wain,
ke miakpɔ ɖeke ano o.
16 # Fia I, 16.23-28; Fia I, 16.29-34; 21.25, 26. Elabe miewɔ Omri ƒe ɖoɖowo dzi,
miewɔ Axab ƒe nuwɔnawo katã,
eye miezɔ ɖe woƒe adaŋudedewo nu,
ne matsɔ wò awɔ gbegbee,
eye woaʋuʋu ta,
ɖe ame siwo le mewò la ŋu.
Ale àtsɔ dukɔwo ƒe alɔmeɖeɖe.

Currently Selected:

Mixa 6: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in