Mateo 25
25
Lododo le ɖetugbi ewoawo ŋuti
1 #
Luk 12.35. “Dziƒofiaɖuƒea ɖi ɖetugbi ewo, siwo tsɔ woƒe akaɖiwo, eye wodo yi be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃. 2Wo dometɔ atɔ̃ nye movitɔwo, ke atɔ̃ nye nunyalawo. 3Esi movitɔawo tsɔ woƒe akaɖiawo la, wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o. 4Ke nunyalawo ya tsɔ ami ɖe nugoewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋu. 5Ŋugbetɔsrɔ̃a meva ɖo kaba o, eya ta alɔ̃ tsɔ wo, eye wodɔ alɔ̃. 6“Le zã titina la, ɣli ɖi be: ‘Mikpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃a va ɖo vɔ! Mido yi ɖakpee loo!’ 7Tete ɖetugbi ewoawo fɔ kpla hesi woƒe akaɖiawo. 8Movitɔawo gblɔ na nunyalaawo be: ‘Míaƒe akaɖiawo le tsitsim. Miku miaƒe amia ɖe na mí míade wo me.’ 9Ke nunyalaawo ɖo eŋu na wo be: ‘Ao, esi le mía si la, made mía kple miawo nu o. Miheyi ɖe edzralawo gbɔ boŋ ne miadzee.’ 10Ke esime woyi edzeƒe la, ŋugbetɔsrɔ̃a va. Ame siwo dzra ɖo la kpe ɖe ŋugbetɔsrɔ̃a ŋuti yi srɔ̃ɖeƒea, eye wotu ʋɔa. 11#Luk 13.25.Emegbe la, ɖetugbi atɔ̃ kemɛawo hã va le gbɔgblɔm be: ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mí!’ 12Ke egblɔ do ɖe wo be: ‘Nyemenya mi o.’ 13Eya ta minɔ ŋudzɔ elabe mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”
Lododo le dɔla etɔ̃awo ŋuti
(Luk 19.11-27)
14 #
Luk 19.11-27. “Dziƒofiaɖuƒea ɖi ŋutinya sia: ‘Ŋutsu aɖe le nugbe yim. Eyɔ eƒe dɔlawo, eye wòtsɔ eƒe nunɔamesiwo de wo si. 15Ena sikaga akpe atɔ̃ ame ɖeka, ena akpe eve ame bubu, eye wòna akpe ɖeka ame etɔ̃lia; wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu, eye wòdzo yi nua gbe. 16Azɔ ame si xɔ sikaga akpe atɔ̃ la yi ɖatrɔ le ga la dzi eye wòɖe vi sikaga akpe atɔ̃. 17Nenema ke ame si xɔ sikaga akpe eve la hã ɖe vi sikaga akpe eve. 18Ke ame si xɔ sikaga akpe ɖeka la dzo yi ɖaɖe do hetsɔ eƒe aƒetɔ ƒe ga la ɣla ɖe eme.’ 19Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, dɔla mawo ƒe aƒetɔa gbɔ va, eye wòwɔ akɔnta kpli wo. 20Dɔla si xɔ sikaga akpe atɔ̃ la tsɔ akpe atɔ̃ bubu vɛ hegblɔ be: ‘Aƒetɔ, sikaga akpe atɔ̃e nètsɔ nam, ke meɖe vi akpe atɔ̃ bubu ɖe wo dzi.’ 21Eƒe aƒetɔa gblɔ nɛ be: ‘Ehɛ̃! Dɔla nyui nuteƒewɔla. Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me, eya ta matsɔ wò aɖo nu geɖe nu. Va ge ɖe nye dzidzɔ la me.’ 22Ame si xɔ sikaga akpe eve la hã va gblɔ be: ‘Aƒetɔ, sikaga akpe evee nètsɔ nam, ke meɖe vi akpe eve bubu ɖe wo dzi.’ 23Eƒe aƒetɔa gblɔ nɛ be: ‘Ehɛ̃! Dɔla nyui nuteƒewɔla. Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me, eya ta matsɔ wò aɖo nu geɖe nu. Va ge ɖe nye dzidzɔ la me.’ 24Tete ame si xɔ sikaga akpe ɖeka la hã va hegblɔ be: ‘Aƒetɔ, menya be ame sesẽ nènye. Èŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye èƒoa nu ƒu le afi si mèwu nu ɖo o la. 25Mevɔ̃, eya ta medzo yi ɖaɖi wò ga la ɖe do me. Kpɔ ɖa, xɔ wò nu.’ 26Eƒe aƒetɔa ɖo eŋu nɛ be: ‘Wò dɔla vɔ̃ɖi kuviatɔ! Ne ènyae be meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o la, 27ekema ɖe wòle be nàtsɔ nye ga la na gasitsalawo, ale be ne metrɔ gbɔ va la, maxɔ nye nu kple deme. 28Aa! Mixɔ ga la le esi miatsɔ na ame si si sikaga akpe ewo le la. 29#Mat 13.12; Mar 4.25; Luk 8.18.Elabe ame sia ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ, ne nu si le esi la nasɔ gbɔ fũu. Ke ame si si naneke mele o la, nu sue si le esi la hã, woaxɔe le esi. 30#Mat 8.12; 22.13; Luk 13.28.Dɔla ɖigbɔ sia meganyo na naneke o. Eya ta mitsɔe ƒu gbe ɖe xexe ɖe viviti tsiɖitsiɖia me. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’ ”
Ʋɔnudɔdrɔ̃ le nuwuwu
31 # Mat 16.27;
Mat 19.28. “Ne Amegbetɔ Vi la va do le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋu la, abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpuia dzi. 32Aƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama wo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe la ene. 33Ana alẽawo nanɔ eƒe ɖusime, eye gbɔ̃awo nanɔ eƒe miame. 34Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe ɖusime la be: ‘Miva, mi ame siwo Tɔ́nye yra. Minyi fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi, tso keke xexea me ƒe gɔmedzeɣi la ƒe dome; 35#Sir 7.32-36.elabe dɔ wum, eye miena num meɖu. Tsikɔ wum, eye miena tsim meno. Menye amedzro dze mia gbɔ eye miexɔm atuu. 36Menɔ amama, eye miena awum medo. Menɔ dɔ lém, eye mieva srãm kpɔ. Menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa.’ 37Tete ame dzɔdzɔeawo aɖo eŋu abiae be: ‘Aƒetɔ, gbe ka gbee míekpɔ wò, dɔ nɔ wuwòm, eye míena nu wò nèɖu, alo tsikɔ nɔ wuwòm eye míena tsi wò? 38Gbe ka gbee nènye amedzro dze mía gbɔ, eye míexɔ wò atuu, alo nèle amama, eye míena awu wò nèdo? 39Gbe ka gbee nènɔ dɔ lém, eye míeva srã wò kpɔ, alo nèle gaxɔ me eye míeva kpɔ wò ɖaa?’ 40Tete Fia la aɖo eŋu na wo be: ‘Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miewɔ na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.’ 41Ke Fia la agblɔ na ame siwo le eƒe miame la be: ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de. Miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me. 42Elabe dɔ wum, ke miena nuɖuɖum o. Tsikɔ wum, ke miena tsim o. 43Menye amedzro dze mia gbɔ, ke miexɔm o. Menɔ amama, ke miena awum medo o. Menɔ dɔ lém, ke mieva srãm kpɔ o. Menɔ gaxɔ me, ke mieva kpɔm ɖa o.’ 44Tete woawo hã woaɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ, gbe ka gbee míekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm, alo tsikɔ nɔ wuwòm, alo nènye amedzro dze mía gbɔ, alo nèle amama, alo nènɔ dɔ lém, alo nèle gaxɔ me, eye míekpe ɖe ŋuwò o mahã?’ 45Fia la aɖo eŋu na wo be: ‘Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu si miewɔ na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka o ko la, nyee miewɔe na o.’ 46#Dan 12.2. Ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me, ke ame dzɔdzɔeawo ayi ɖe agbe mavɔ la me.”
Currently Selected:
Mateo 25: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.