YouVersion Logo
Search Icon

Mose III 4

4
Nu vɔ̃ maɖowɔwo ŋuti vɔsawo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be ne ame aɖe ɖe ŋu ɖi da Aƒetɔ ƒe sewo dometɔ aɖe dzi le manyamanya me la, ele nɛ be wòawɔ nu vovovo siwo gbɔna la dometɔ siwo sɔ ɖe eya amea ŋu la. 3Nenye nunɔlae wɔ nuvɔ̃ hehe dzɔgbevɔ̃e va dukɔa dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsu si metsi tututu o, eye nu mewɔ o la asa nuvɔ̃vɔ na Aƒetɔ. 4Akplɔ nyitsu la ava godoƒegbadɔa nu, atsɔ asi aɖo lãa ƒe ta dzi, eye wòatsoe le Aƒetɔ ŋkume le afi ma. 5Nunɔla si wosi ami na la, naku nyitsua ƒe ʋu atsɔ ayi agbadɔ la me. 6Ade asibidɛ ʋu la me ahlẽ zigbɔzi adrẽ#4.6: ZIGBƆZI ADRE: Tsã la, ɣedzeƒetɔ geɖewo bua xexlẽme adrẽ be enye xexlẽme tɔxɛ aɖe, eya ta ne wowɔ nane zigbɔzi adrẽ la, nua kpɔa dzidzedze wu. ɖe xɔmetsovɔ si wotsɔ ma kɔkɔeƒea me la gbɔ, le Aƒetɔ ŋkume. 7Azɔ nunɔlaa nasisi ʋua ɖe vɔsamlekpui si dzi wotɔa dzo lifi le la ƒe dzowo ŋu. Eyome wòatsɔ nyitsua ƒe ʋu mamlɛa akɔ ɖe vɔsamlekpui si dzi womèa vɔsawo le, vɔsamlekpui si le godoƒegbadɔa mɔnu la ƒe afɔnu. 8Aɖe ami si tsyɔ nyitsua ƒe dɔmenuwo dzi kple esi le dɔmenuawo ŋu la katã, 9ayiku eveawo kple wo ŋu mi si kù ɖe lãa ƒe ali ŋu kple aklã ŋu miawo hã 10abe ale si woɖea wo ɖa le ŋutifafavɔsanyitsu ŋu ene, eye nunɔla la natɔ dzo wo woafiã keŋkeŋ le numemevɔsamlekpui la dzi. 11Ke atsɔ nyitsua ƒe ayi, eƒe lã katã, eƒe ta, afɔtiwo, dɔkaviwo kple dɔmenu bubuawo, 12míagblɔe ko be nyitsu bliboa katã ayi asaɖa la godo le teƒe aɖe si dza le Mawu ŋkume, afi si woƒua dzowɔ gbe ɖo. Le afi ma la atsɔ nuawo katã aɖo nakekɔ dzi, eye wòatɔ dzo wo woafiã keŋkeŋ.
13“Nenye Israel-dukɔ blibo la katãe tra mɔ le ŋuɖeɖi me heda Aƒetɔ ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi le manyamanya me la, 14ekema, enumake si wova kpɔ dze sii be yewowɔ nuvɔ̃ ko la, ele na wo be woatsɔ nyitsu sue aɖe ava wɔ nuvɔ̃vɔsae. Ale si woawɔe nye: Woakplɔ nyitsua ava godoƒegbadɔ la nu, 15dukɔ la ƒe ame tsitsiwo atsɔ asi aɖo eƒe ta dzi le Aƒetɔ ŋkume, eye woatsoe le afi ma. 16Ekema nunɔla si wosi ami na la aku nyitsua ƒe ʋu atsɔ yi agbadɔ la me. 17Ade asibidɛ ʋua me ahlẽ zigbɔzi adrẽ ɖe xɔmetsovɔ si wotsɔ ma kɔkɔeƒea me la gbɔ, le Aƒetɔ ŋkume. 18Nunɔla la natsɔ ʋua asisi ɖe lifivɔsamlekpui si le godoƒegbadɔa me la ƒe dzowo ŋuti le Aƒetɔ ŋkume. Eyome wòatsɔ nyitsu la ƒe ʋu mamlɛa akɔ ɖe numemevɔsamlekpui si le Mawu ƒe agbadɔa nu la ƒe afɔnu. 19Tete wòaɖe ami si le lãa ŋu la katã, eye wòatɔ dzo amia wòafiã keŋkeŋ le numemevɔsamlekpui la dzi. 20Ale wòawɔ nyitsu sia hã abe ale si wòsa nuvɔ̃vɔsa kple nyitsu ene. Ekema nunɔla nalé avu na wo, eye Mawu atsɔ woƒe nuvɔ̃ la ake wo. 21Eyome wòakɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ abe ale si wòtɔa dzo nyitsu si wòtsɔna saa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta ene. Vɔsa sia ƒe taɖodzinue nye be wòaklɔ dukɔ bliboa ƒe nuvɔ̃ ɖa.
22“Nenye dziɖula aɖee wɔ nu madzɔmadzɔ le ŋuɖeɖi me heto ema me da Aƒetɔ ƒe seawo dometɔ aɖe dzi la, 23ne wona wòdze si eƒe nuvɔ̃ la ko la, ele be wòadi gbɔ̃tsu aɖe si naneke mewɔ afi aɖeke na o, atsɔ va sa vɔe. 24Ale si wòawɔe lae nye: akplɔ gbɔ̃tsua ayi vɔsamlekpui la ƒe dzigbeme afi si wowua numemevɔsalãwo le, atsɔ asi aɖo lãa ƒe ta dzi, eye wòatsoe le afi ma le Aƒetɔ ŋkume. Vɔsa sia ƒe taɖodzinue nye be ame si wɔ nuvɔ̃a la nakpɔ nuvɔ̃a ŋuti tsɔtsɔke. 25Eyome la nunɔla la anyrɔ asibidɛ ɖe lãa ƒe ʋu me atsɔ sisi ɖe numemevɔsamlekpui la ƒe dzo siwo le eƒe dzogoe eneawo dzi la ŋu, eye wòatsɔ ʋu mamlɛa akɔ ɖe numemevɔsamlekpuia ƒe afɔnu. 26Le esia megbe la, wòatɔ dzo lãa ƒe amiwo katã le vɔsamlekpuia dzi va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ, abe ale si wowɔnɛ le ŋutifafavɔsa gome ene. Aleae nunɔla la asa vɔ le nuvɔ̃ si dziɖula la wɔ la ta, eye woatsɔ eƒe nuvɔ̃ la akee.
27 # Mos IV, 15.27, 28. “Nenye dukɔa me tɔ ƒuƒlu aɖe koe ɖe ŋu ɖi wɔ nu madzɔmadzɔ heto ema me da Aƒetɔ ƒe seawo dometɔ aɖe dzi la, 28ne wona wòdze si eƒe nuvɔ̃ la ko la, ele be wòadi gbɔ̃nɔ aɖe si naneke mewɔ afi aɖeke na o la, atsɔ va sa vɔe. 29Ale si wòawɔe lae nye: akplɔ gbɔ̃nɔa ayi vɔsamlekpui la ƒe dzigbeme afi si wowua numemevɔsalãwo le, atsɔ asi aɖo lãa ƒe ta dzi, eye wòatsoe le afi ma le Aƒetɔ ŋkume. 30Eyome nunɔla anyrɔ asibidɛ ɖe lãa ƒe ʋu me atsɔ sisi ɖe ɖe vɔsamlekpuia ƒe dzo eneawo ŋu, eye wòatsɔ ʋu mamlɛa akɔ ɖe vɔsamlekpui la ƒe afɔnu. 31Le esia megbe la, aɖe ami siwo katã le eŋu, abe ale si woɖea ami le lã siwo wowu be woatsɔ asa ŋutifafavɔ ŋu la ene, eye nunɔla la natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ, be woƒe ʋeʋẽ lílilĩ la nado dzidzɔ na Aƒetɔ. Ne nunɔlaa wɔ esia ko la, ekema esa vɔ ɖe amea ƒe nuvɔ̃ ta, eye woatsɔ amea ƒe nuvɔ̃ la akee.
32“Nenye alẽe ame aɖe di be yeatsɔ wɔ nuvɔ̃vɔsae la, ele be wòanye alẽnɔ si naneke mewɔ afi aɖeke na o. 33Netsɔ eƒe asi ɖo lã la ƒe ta dzi, eye wòawui hena nuvɔ̃vɔsa le afi si wowua numemevɔsalã le la. 34Eyome nunɔla la anyrɔ asibidɛ ɖe lãa ƒe ʋu me atsɔ sisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu eye wòatsɔ ʋu mamlɛa akɔ ɖe vɔsamlekpuia ƒe afɔnu. 35Le esia megbe la, aɖe ami siwo katã le lãa ŋu abe ale si woɖea ami le alẽ siwo wowu be woatsɔ asa ŋutifafavɔ ŋu la ene, eye nunɔla la natsɔ wo akpe ɖe lã siwo wotsɔ va sa dzovɔ na Aƒetɔ la ŋu, eye wòamè wo katã le vɔsamlekpui la dzi va se ɖe esime woafiã keŋkeŋ. Ne ewɔ esia ko la, esa vɔ ɖe amea ƒe nuvɔ̃ ta, eye woatsɔe ake amea.”

Currently Selected:

Mose III 4: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Mose III 4