Mose III 27
27
Sewo le nunana Aƒetɔ ŋuti
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be, ne ŋutsu aɖe tsɔ ame ɖe adzɔgbe tɔxɛ na Aƒetɔ la, le wò akɔntabubu nu la, 3ekema ŋutsu si xɔ ƒe bla eve va se ɖe ƒe bla ade naxɔ klosaloga bla atɔ̃ le kɔkɔeƒe la ƒe asi nu. 4Ne amea nye nyɔnu la, eƒe asi nanye klosaloga bla etɔ̃. 5Ame si xɔ ƒe atɔ̃ va se ɖe ƒe bla eve ƒe asi nanye klosaloga bla eve, ne amea nye ŋutsu, eye nyɔnu naxɔ klosaloga ewo. 6Ne amea xɔ dzinu ɖeka va se ɖe ƒe atɔ̃ la, ŋutsu naxɔ klosaloga atɔ̃ eye nyɔnu naxɔ klosaloga etɔ̃. 7Ne amea xɔ ƒe bla ade heyi la, ŋutsu ƒe asi nanye klosaloga wui atɔ̃, eye nyɔnu naxɔ klosaloga ewo. 8Ne ame si ɖe adzɔgbea nye numanɔsitɔ ale be mate ŋu akpɔ ga home si hiã axe o la, ekema ele nɛ be wòakplɔ ame si wòtsɔ ɖe adzɔgbea la ayi nunɔla gbɔ, eye nunɔlaa ado asi aɖe si bɔbɔ wu ale be adzɔgbeɖelaa ate ŋu axee la ɖe eŋu.”
9Nenye lã siwo wotsɔna saa vɔ na Aƒetɔ la ƒe ɖee wòtsɔ ɖe adzɔgbea la, ekema lãa zu lã kɔkɔe; 10ame aɖeke mekpɔ mɔ atsɔ bubu aɖeke aɖɔlii o. Ne lã bubu sia nyo wui alo menyo de enu o hã, womekpɔ mɔ atsɔe ɖɔlii o. Ne ehiã kokoko be woaɖɔlii le nane ta, eye woɖɔlii la, ekema woabu lã eveawo be wozu nu kɔkɔewo. 11Nenye lã makɔmakɔ aɖee nye lã si wotsɔ ɖe adzɔgbea ale be womate ŋu atsɔe sa vɔ na Aƒetɔ o la, ekema ele na adzɔgbeɖelaa be wòatsɔe va nunɔla gbɔ. 12Nunɔlaa ado asi ɖe eŋu le ale si wònyo la nu. Asi sia asi si nunɔlaa do lae lanye eƒe asi; nuƒo aɖeke maganɔ asia ŋu o. 13Ne ame si tsɔe vɛ di be yeagbugbɔ xɔe ƒle la, ele nɛ be wòaxe eƒe asi ƒe atɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe asia ŋu. 14Ne ame aɖe kɔ eƒe aƒe ŋu na Aƒetɔ la, nunɔla ado asi ɖe eŋu le ale si wònyoe la nu, eye asi sia asi si nunɔlaa do ɖe eŋu lae lanye eƒe asi; tɔtrɔ maganɔ asia ŋu o. 15Ne ame si kɔ eƒe aƒe ŋu na Aƒetɔ di be yeagbugbɔ xɔe ƒle la, ele be wòaxe aƒea ƒe home, agaxe homea ƒe atɔ̃liawo ɖeka aƒu edzi.
16“Ne ame aɖe kɔ eƒe anyigba si ƒe dome wònyi ƒe akpa aɖe ŋu na Aƒetɔ la, nuku ale sinu woate ŋu aƒã ɖe edzi la dzie woakpɔ hafi ado asi ɖe eŋu. Nenye lu kilo bla eve woate ŋu aƒã ɖe edzi la, ekema ele be eƒe home nanye klosaloga ewo; nenye lu kilo alafa etɔ̃ woate ŋu aƒã ɖe edzi la, ekema ele be eƒe home nanye klosaloga bla atɔ̃. 17Nenye ƒe si va ɖe aseyetsoƒe yome teti mee wòkɔ anyigbaa ŋu la, ekema asi si nunɔlaa yɔ la kokoko wòle be wòaxe. 18Ne aseyetsoƒe va yi hafi wòkɔ eƒe agblea ŋu na Aƒetɔ la, ekema ƒe ale sinu susɔ hafi aseyetsoƒe bubu nagaɖo la dzie nunɔlaa lakpɔ hafi anya afi si wòaɖe agblea ƒe asi dzi ava se. 19Ne agblea tɔ di be yeagbugbɔ agblea ƒle la, ele nɛ be wòaxe home si nunɔla do ɖe eŋu, agaxe home ma ƒe atɔ̃liawo ɖeka akpee eye wòaxɔe wòanye etɔ. 20Ne megbugbɔ agblea xɔ ƒle le Aƒetɔ si o ko wòtsɔe dzra na ame bubu la, ekema mekpɔ mɔ agagbugbɔe xɔ ƒle le ame aɖeke si ɣeaɖekeɣi o. 21Ke ne aseyetsoƒe gaɖo ko, agblea trɔ zu Aƒetɔ tɔ keŋkeŋ, eye to ema me la, ezu nunɔlawo katã tɔ gbidii. 22Ne ame aɖe kɔ agble aɖe si eya ŋutɔ ɖe ga ƒle, eye menye ɖe wònyi eƒe dome o, ŋu na Aƒetɔ la, 23nunɔla akpɔ ƒe ale sinu susɔ ne aseyetsoƒe nagaɖo la dzi ɖa hafi ado asi ɖe eŋu, eye ele na agblea tɔ be wòaxe fea gbe ma gbe ke; ekema gaa zu Aƒetɔ ƒe ga. 24Gake ne aseyetsoƒe gaɖo ko, ele be woatrɔ agblea na ame si si woƒlee le gbã, ame si ƒe domenyinu wònye la, 25woabu asi ɖe sia ɖe ɖe kɔkɔeƒe la ƒe klosalogakɔnta nu; gera#27.25: Gera bla eve nyea klosaloga ɖeka. Klosaloga ɖeka ƒe kpekpeme nye kilo 0.011; gera ƒe kpekpeme nye kilo 0.0006. bla eve nanye klosaloga ɖeka.
26“Ke lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo nye Aƒetɔ tɔ tsã xoxo eya ta ame aɖeke mekpɔ mɔ akɔ lã aɖeke ƒe ŋgɔgbevi ŋu na Aƒetɔ o. 27Nenye lã makɔmakɔ aɖe ƒe ŋgɔgbevie la, nutɔa ate ŋu agbugbɔe aƒle faa: ɖeko wòaxe home si nunɔla do ɖe eŋu, agaxe home ma ƒe atɔ̃liawo ɖeka akpee ko, evɔ. Ne megbugbɔe ƒle o la, nunɔlaa kpɔ mɔ adzrae na ame bubu ɖe ale si wole eƒlem la dzi.
28 #
Mos IV, 18.14. “Ne ame aɖe kɔ eƒe nane ŋu tsɔ ɖe adzɔgbee ɖikaa na Aƒetɔ la, ame aɖeke mekpɔ mɔ adzra nu ma o. Ame si tsɔe ɖe adzɔgbee alea gɔ̃ hã mekpɔ mɔ agbugbɔ xɔe ƒle o. Eɖanye amegbetɔe o, eɖanye lãe o, eɖanye agble alo anyigba aɖe si nye adzɔgbeɖela la ƒe domenyinu lae o, ezu nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe ŋutɔ na Aƒetɔ. Ezu Aƒetɔ tɔ keŋkeŋ, ɖikaa. 29Nenye amegbetɔ ŋutɔ kura gɔ̃e hã, ame aɖeke mekpɔ mɔ agbugbɔe ƒle o; ɖeko woawui.
30 #
Mos IV, 18.21; Mos V, 14.22-29. “Nu siwo katã dona tsoa anyigba me la katã ƒe ewoliawo ɖeka nye Aƒetɔ tɔ: agblemenuwo kple kutsetsewo siaa. Wonye nu kɔkɔe na Aƒetɔ. 31Ne ame aɖe di be yeagbugbɔ eƒe akpa aɖe aƒle la, ele be wòaxe akpa si wòdi be yeaƒle la ƒe home kple home ma ƒe atɔ̃liawo ɖeka. 32Ne èle wò lãwo – le kpɔɖeŋu me – nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo xlẽm la, de dzesi lã ewolia sia ewolia si dzi nàɖo la; ele kɔkɔe na Aƒetɔ. 33Mele be ame si tɔ lãawo nye la naɖo wo ayetɔe be tiatiaa nadze lã siwo medzè ŋkume o la ko dzi o. Nenema ke ne nudzidzea dze lã aɖe dzi ko, mekpɔ mɔ atsɔ bubu aɖɔlii o. Ne eɖɔlii la, ekema lã si wòɖɔlii kple esi wòtsɔ ɖɔlii la siaa zu Aƒetɔ tɔ, eye ame aɖeke megakpɔ mɔ agbugbɔ wo aƒle o.”
34Esiawoe nye se siwo Aƒetɔ wɔ na Mose le Sinai-to dzi be wòayi aɖade na Israelviwo.
Currently Selected:
Mose III 27: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.