Mose III 23
23
Mawusubɔsubɔ Ŋkeke Nyuiwo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be ŋkekenyui siwo anye takpegbe kɔkɔe na mi la woe nye: 3#Mos II, 20.8-10; 23.12; 31.15; 34.21; 35.2; Mos V, 5.12-14. Le kwasiɖa me la, ŋkeke ade ko miekpɔ mɔ awɔ dɔ; ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe, eye wònye takpegbe kɔkɔe. Miawɔ dɔ aɖeke o. Enye dzudzɔgbe na Aƒetɔ le miaƒe nɔƒewo katã.”
Paska kple Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkeke Nyui
(Mos IV, 28.16-25)
4“Aƒetɔ ƒe ŋkekenyui siwo nye takpegbe kɔkɔe, siwo miaɖe gbeƒãe aƒo ƒu anɔ ɖuɖum le ɣeyiɣi siwo woɖo ɖi na wo dzi la woe nye: 5#Mos II, 12.1-13; Mos V, 16.1, 2. Ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia ƒe fiẽ nye Paska ƒe gɔmedzedze. 6#Mos II, 12.14-20; 23.15; 34.18; Mos V, 16.3-8. Ɣleti ma ke ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia nye Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkeke Nyui na Aƒetɔ. Ŋkeke adrẽ wòle be miaɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo. 7Ŋkeke nyuia ɖuɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, nye takpegbe kɔkɔe, eye miekpɔ mɔ awɔ dɔ sesẽ aɖeke o. 8Le ŋkeke adrẽ mawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi la, miasa dzovɔ na Aƒetɔ. Ŋkeke adrẽlia nye takpegbe kɔkɔe, eye miekpɔ mɔ awɔ dɔ sesẽ aɖeke o.”
9Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 10“Gblɔ na Israelviwo be, ne mieva anyigba si matsɔ na mi la dzi, eye mieŋe nu le edzi la, miatsɔ nuŋeŋe gbãtɔwo vɛ na nunɔla. 11Nunɔlaa anyè#23.11: ANYÈ: Woanyè nuku bablaa ɖeƒomevii le ya me le Aƒetɔ ŋkume gake ame aɖeke meganya ale si tututu wowɔa nu sia o. nuku bablaawo le Aƒetɔ ŋkume le dzudzɔgbe ƒe ŋufɔke be woaxɔe na mi. 12Gbe si gbe mienyè nuku bablaawo la, ele be miatsɔ agbovi sue si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afi aɖeke na o la, asa numemevɔ na Aƒetɔ. 13Miku wɔ memee kilo eve, miabakae kple ami, eye miatɔ dzoe, ne wòanye nuɖuɖuvɔsa na Aƒetɔ. Vɔsa sia ƒe ʋeʋẽ lílilĩ doa dzidzɔ nɛ. Mitsɔ wain lita ɖeka kpe ɖe eŋu ne eya nanye nunonovɔsa. 14Miekpɔ mɔ aɖu nuku yeyea ƒe mumua, mèmea, tɔtɔea, alo eƒe abolo o va se ɖe esime miatsɔe asa vɔ alea na Aƒetɔ hafi. Miaƒe dzidzimeviwo katã nelé ɖoɖo sia me ɖe asi le afi sia afi si mianɔ la, heyi ɖe mavɔ me.”
Nuŋeŋkeke Nyui
15 #
Mos II, 23.16; 34.22; Mos V, 16.9-12. “Xlẽ kwasiɖa blibo adrẽ tso dzudzɔgbe si dzi mietsɔ miaƒe nuku bablaawo vɛ na Aƒetɔ la ƒe ŋufɔke. 16Le ŋkeke bla atɔ̃lia, si nye dzudzɔgbe adrẽlia ƒe ŋufɔke dzi la, migatsɔ nuku yeye wɔ nuɖuɖuvɔsa bubu na Aƒetɔ. 17Mitsɔ abolo eve tso mia nɔƒewo vɛ na Aƒetɔ ne woanyè. Miaku wɔ memee kilo eve, ade amɔwɔʋãnu eme atsɔ mè aboloawo. Woatsɔe vɛ abe nuku gbãtɔwo ene na Aƒetɔ. 18Mitsɔ alẽvi adrẽ, siwo xɔ ƒe ɖeka eye naneke mewɔ afi aɖeke na wo o, nyitsu ɖeka kple agbo eve akpe ɖe aboloawo ŋu. Woatsɔ wo awɔ numemevɔsa, eye woawɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa hã akpe ɖe numemevɔsa la ŋu na Aƒetɔ. Dzovɔsa sia ʋẽna lílilĩ ɖe Aƒetɔ, hedzea eŋu. 19Eyome miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka awɔ nuvɔ̃vɔsa kple agbotsu ɖagbee eve siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa ŋutifafavɔ. 20Nunɔlaa nanyè aboloawo kple agbotsu eveawo le Aƒetɔ ŋkume. Nu kɔkɔe wonye na Aƒetɔ; ke woazu nunɔlaa tɔ. 21Miaɖe gbeƒã gbe ma gbe be enye takpegbe kɔkɔe, eye miekpɔ mɔ awɔ dɔ sesẽ aɖeke o.” Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimewo katã le miaƒe nɔƒewo katã.
22 #
Mos III, 19.9, 10; Mos V, 24.19-22. “Ne miele nuku xam la, migaxae yi ɖaʋu ɖe boto ke o, eye ne miexae vɔ la, migagbugbɔ yi ɖatsa agblea me be yewoafɔ esiwo ge ɖe anyi la o. Ke boŋ migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.”
Ƒe yeye ɖuɖu
(Mos IV, 29.1-6)
23Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 24“Gblɔ na Israelviwo be: Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke gbãtɔ nenye dzudzɔgbe tɔxɛ kple ŋkuɖodziŋkeke si dzi woaku kpẽ le eye wòanye takpegbe kɔkɔe. 25Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke le edzi o, eye miasa dzovɔ na Aƒetɔ.”
26 #
Mos III, 16.29-34. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 27“Ɣleti adrẽlia sia ƒe ŋkeke ewolia nye avuléŋkeke. Enye takpegbe kɔkɔe na mi; miatsi nu dɔ eye miawɔ dzovɔsa na Aƒetɔ. 28Migawɔ dɔ gbe ma gbe o, elabe enye avuléŋkeke si dzi woalé avu le na mi le Aƒetɔ, mia Mawu ŋkume. 29Ne ame aɖe metsi nu dɔ gbe ma gbe o la, woaɖee ɖa le eƒe dukɔ la me. 30Ne ame aɖe wɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ ŋutɔ awui. 31Miekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Ele na mi be mialé ɖoɖo sia me ɖe asi, le afi sia afi si mianɔ la, tso dzidzime yi dzidzime. 32Dzudzɔgbe blibo wòanye na mi, eye miawɔ funyafunya mia ɖokui. Miaɖu dzudzɔgbe sia tso ɣletia ƒe ŋkeke asiekelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋufɔke ƒe fiẽ.”
Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui
(Mos IV, 29.12-40)
33 #
Mos V, 16.13-15. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 34“Gblɔ na Israelviwo be: Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui na Aƒetɔ nedze egɔme le ɣleti adrẽlia sia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia dzi. Woaɖui ŋkeke adrẽ. 35Ŋkeke gbãtɔ nye takpegbe kɔkɔe. Miekpɔ mɔ awɔ dɔ sesẽ aɖeke o. 36Gbe sia gbe la, miwɔ dzovɔsa na Aƒetɔ. Minɔ ewɔwɔ dzi alea ŋkeke adrẽ. Ŋkeke enyilia nye takpegbe kɔkɔe eye migasa dzovɔ na Aƒetɔ. Takpegbe tɔxɛ nye ŋkeke ma; migawɔ dɔ sesẽ aɖeke le edzi o.
37“Esiawoe nye ŋkekenyui siwo dzi wòle be miakpe ta atsɔ ade bubu Aƒetɔ ŋu, eye miasa dzovɔwo, numemevɔwo, nuɖuɖuvɔwo, ŋutifafavɔwo kple nunonovɔwo hã. Miawɔ vɔsa siawo dometɔ ɖe sia ɖe le ŋkeke si woɖo ɖi nɛ la dzi. 38Miaɖu azã siawo atsɔ kpe ɖe dzudzɔgbe siwo mieɖuna ɖaa la ŋu. Nenema ke miawɔ vɔsa vovovo siawo hã atsɔ kpe ɖe nu siwo mienana kokoko tsã kple miaƒe adzɔgbeɖeɖenunanawo kpakple nunana siwo miatsɔ vɛ na Aƒetɔ le mia ɖokui si la ŋu.
39“Ne mieƒo anyigba la dzi nuku ʋaʋãwo nu ƒu la, ekema miaɖu Aƒetɔ ƒe ŋkekenyui la le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia dzi, ŋkeke adrẽ sɔŋ. Ŋkeke gbãtɔ nanye dzudzɔgbe kɔkɔe eye enyilia hã nanye dzudzɔgbe kɔkɔe. 40Le azãa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, midi atikutsetse nyakpɔwo, deʋayawo, atilɔ siwo ŋu aŋgbawo le ʋuduu alo tɔtoti sue ʋuyɛwo ƒe alɔdzewo lé ɖe asi ne miatso aseye, aɖe miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ fia le Aƒetɔ, mia Mawu la ŋkume. Miwɔ esia ŋkeke adrẽ. 41Miɖu azã sia na Aƒetɔ ŋkeke adrẽ ƒe sia ƒe. Miaƒe dzidzimeviwo nalé ɖoɖo sia me ɖe asi heyi ɖe mavɔ me. Ɣleti adrẽlia mee miaɖui le. 42Israelviwo katã nanɔ agbadɔ me ŋkeke adrẽ, 43ne miaƒe dzidzimeviwo natsɔ nya be esi Aƒetɔ kplɔ yewo tɔgbuiwo tso Egipte gbɔnae la, mena wonɔ agbadɔwo me. Eyae nye Aƒetɔ, mia Mawu.”
44Aleae Mose xlẽ ŋkekenyui siwo wòle be Israelviwo nanɔ ɖuɖum na Aƒetɔ la ŋu ɖoɖowo fia Israel-dukɔ la.
Currently Selected:
Mose III 23: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.