YouVersion Logo
Search Icon

Mose III 15

15
Nu siwo wɔa ŋutilã wòzua nu makɔmakɔ
1Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: 2“Migblɔ na Israelviwo be, ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, tsi si le dodom le eŋu la mekɔ o. 3Afu si ɖɔm wòle ŋuti se nye esia le eƒe makɔmakɔnyenye ŋuti. Ne tsi le dodom le eƒe ŋutsu me alo eme xe la, enye makɔmakɔnyenye le eme. 4Aba sia aba si dzi afuɖɔla mlɔ alo nu sia nu si dzi wòbɔbɔ nɔ la ŋu mekɔ o. 5Ne ame aɖe ka asi afuɖɔla ƒe aba ŋu la, ele be amea nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 6Ne ame aɖe bɔbɔ nɔ nane si dzi afuɖɔla hã nɔ va yi dzi la, ele be amea nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 7Ne ame aɖe ka asi afuɖɔla ŋu alo eƒe ŋuti ka afuɖɔla ŋu la, ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi, eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 8Ne afuɖɔla ɖe ta ɖe ame aɖe si ŋu kɔ ŋu la, ele na amea be wòanya eƒe awuwo eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 9Ne afuɖɔla bɔbɔ nɔ sɔkpa aɖe dzi la, sɔkpa ma ŋu mekɔ o. 10Ne ame aɖe ka asi nane si dzi afuɖɔla bɔbɔ nɔ kpɔ ŋu la, eyama ŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ, eye ne ame aɖe kɔ́ nane si dzi afuɖɔla bɔbɔ nɔ kpɔ la, ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 11Ne afuɖɔla meklɔ asi hafi ka ame aɖe ŋu o la, ele na amea be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 12Ne afuɖɔla ka asi ze alo eʋegba aɖe ŋu la, ele be woagbã nua. Ne nye atinue la, ekema woaklɔe kple tsi.
13“Ne afua vɔ na amea la, ele be wòalala ŋkeke adrẽ nava yi, eye wòanya eƒe awuwo, aɖale tsi le tɔsisi me, ekema eŋu kɔ. 14Le ŋkeke enyia gbe la, ele be wòadi akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ɖe asi ava Aƒetɔ ŋkume le godoƒegbadɔ la nu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla le afi ma. 15Nunɔlaa atsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, atsɔ evelia asa numemevɔ, eye nunɔla alé avu nɛ le eƒe afu la ta le Aƒetɔ ŋkume.
16“Ne ŋutsu aɖe nyè tsi la, ele be wòale tsi nyuie, eye eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 17Nudodo ɖe sia ɖe alo lãgbalẽnu ɖe sia ɖe si ŋu tsia ka la, woanyae kple tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 18Ne ŋutsu kple nyɔnu nɔ anyi la, ele be woale tsi; wo ŋu mekɔ o, va de asi na fiẽ.
19“Ne nyɔnu ɖo asi anyi eye ʋu le dodom le eŋu la, eŋu mekɔ o, va se ɖe ŋkeke adrẽ. Ne ame aɖe ka eŋu le ŋkeke mawo me la, amea ŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 20Nu sia nu si dzi wòbɔbɔ nɔ alo mlɔ le eƒe gbeléɣi la hã zu nu makɔmakɔ. 21Ne ame aɖe ka eƒe aba loo, alo nane si dzi wòbɔbɔ nɔ ŋu la, eŋu mekɔ o, va de asi na fiẽ. 22Ame sia ame si ka nu si dzi wònɔ ŋu la nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 23Ne nane le eƒe aba alo nunɔdzi dzi, eye ame aɖe ka eŋu la, amea ŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 24Ne ame aɖe dɔ kple nyɔnu le eƒe dzinukpɔɣi la, makɔmakɔnyenye si le nyɔnua ŋu la ɖe ɖe ŋutsua hã ŋu eya ta ŋutsua zu ame makɔmakɔ ŋkeke adrẽ. Aba sia aba si dzi wòmlɔ le ŋkeke adrẽ mawo me hã zu nu makɔmakɔ.
25“Ne nyɔnu aɖe ƒe dzinukpɔɣi meɖo o gake ʋu do le eŋu alo le dodom le eŋu ŋkeke geɖe alo eƒe dzinukpɔŋkekewo de gake ʋu gale dodom le eŋu ko la, ekema eŋu mekɔ o, abe ale si ko eŋu mekɔ o le eƒe dzinukpɔɣi la ŋutɔ ene. 26Aba sia aba si dzi wòmlɔ, alo nu sia nu si dzi wòbɔbɔ nɔ le ŋkeke mawo me la hã zu nu makɔmakɔ. 27Ame sia ame si ka nu siawo ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe avɔwo eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 28Ne ʋua tso hã la, ele be wòaxlẽ ŋkeke adrẽ, eya megbe la, hafi eŋu kɔ. 29Le ŋkeke enyia gbe la, netsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve vɛ na nunɔla le godoƒegbadɔ nu. 30Nunɔlaa atsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, eye wòatsɔ evelia asa numemevɔ. Nunɔla la alé avu nɛ le Aƒetɔ ŋkume le eƒe makɔmakɔ la ta.
31“Ale miagbe nya na Israelviwo le woƒe nu makɔmakɔwo ŋuti. Ne menye nenema o, nenye be wote ɖe nye agbadɔ si le wo dome la ŋu kple woƒe makɔmakɔnyenye la hegblẽ kɔ ɖo nɛ la, woaku.”
32Esiawoe nye sewo le ŋutsu si le afu ɖɔm, ŋutsu si nyè tsi eye eŋu mekɔ o; 33nyɔnu si kpɔ dzinu, ŋutsu si le afu ɖɔm kple nyɔnu si ŋu ʋusísidɔ le kpakple ŋutsu si dɔ kple nyɔnu makɔmakɔ aɖe la ŋuti.

Currently Selected:

Mose III 15: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in