Yosua 8
8
Yosua kple Israelviwo ɖe aboyo Ai, eye wogbãe
1Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò hã o. Tso nàkplɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu nàyi ɖe Ai. Kpɔ ɖa, metsɔ Ai-fia, eƒe amewo, dua kple anyigba la de asi na wò. 2Nu si nèwɔ na Yerixo-dua kple eƒe fia la la, wɔe na Ai-du kple eƒe fia la hã. Ke le eya gome la, miha woƒe nuwo kple nyihawo ne woazu mia tɔ. Na woadze dua dzi le vo me to emegbe.”
3Ale Yosua kple eƒe aʋawɔlawo katã ho ɖe Ai ŋu. Etia kalẽtɔ akpe bla etɔ̃, eye wòɖo wo ɖe afi ma le zã me. 4Egblɔ na wo be: “Miyi ɖade xa ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Miganɔ adzɔge tso egbɔ o. Minɔ klalo ne mialũ ɖe edzi. 5Ke nye kple nye amewo katã ya la míazɔ ɖe dua dzi. Ne wodo va kpe mí la, míagasí le wo nu abe ale si míewɔe tsã ene. 6Wole mía nya ge ɖe nu va se ɖe esime míana woahe ɖa le dua gbɔ. Wole bubu ge be sisím míegale le yewo nu. Ale míasí le wo gbɔ. 7Ekema miawo miado le xadeƒe la axɔ dua, elabe Aƒetɔ, mia Mawu la atsɔe ade mia si. 8Ne miexɔ dua vɔ la, mitɔ dzoe abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene. Kpɔ ɖa, nyee gblɔe na mi.” 9Ale Yosua na wodzo yi, eye woɖade xa ɖe Ai-dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Betel kple Ai dome henɔ lalam. Ke Yosua ya tsi dukɔ la gbɔ dɔ zã ma.
10Le ŋdi kanya la, Yosua fɔ, eye wòyɔ aʋawɔlaawo ƒo ƒui. Azɔ eya kple Israel-me tsitsiwo dze aʋawɔlaawo ŋgɔ ɖo ta Ai. 11Aʋawɔla siwo katã le eŋu la zɔ yi ŋgɔ te ɖe dua ŋu. Woƒu asaɖa anyi ɖe bali si le woawo kple Ai-dua dome la me le dua ƒe dzigbeme lɔƒo. 12Eɖe aʋawɔla akpe atɔ̃ lɔƒo, eye wòna woyi ɖade xa ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe gome le Betel kple Ai dome. 13Ale wona aʋawɔlaawo dze aʋa ɖi; akpa gãtɔ le dua ƒe dzigbe gome, eye mamlɛawo le dua godo le ɣetoɖoƒe gome. Ke Yosua ŋutɔ tsi bali la me dɔ. 14Esi Ai-fia kpɔ Yosua ƒe amewo la, eya kple eƒe aʋawɔlawo katã wɔ kaba do le dua me. Woɖi abu ɖo ta Yordan Bali la me be yewoaɖakpe aʋa kple Israelviwo. Fiaa menya be aʋawɔla aɖewo de xa ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe ɖe ye ŋu o. 15Yosua kple eƒe amewo nɔ gbugbɔɖemegbe zɔm ɖo ta gbedadaƒo abe ɖe wole sisím le wo nu ene. 16Tete Aitɔwo yɔ dua me tɔwo katã ƒo ƒu be woati Yosua kple etɔwo yome. Yosua na wonyà wo ɖe nu hedzo le dua gbɔ sãa. 17Ŋutsu ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ ɖe Ai alo Betel o. Wo katã wonyà Israelviwo ɖe nu eye dua tsi nuvo.
18Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Kɔ wò akplɔ dzi do ɖe Ai-dua gbɔ lɔƒo, elabe matsɔe ade asi na wò!” Ekɔe dzi do ɖa. 19Kaka wòado asi ɖe dzi la, xadelaawo do go tso woƒe beɖoƒe, ƒu du ge ɖe dua me, xɔe eye wotɔ dzoe enumake. 20Esi Aitɔwo nye kɔ kpɔ megbe la, wokpɔ be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ le yewoƒe dua dzi ɖa. Womenya afi si woasí ayi o, elabe aʋakɔ si wonyà ɖe nu ɖo ta gbedadaƒo la trɔ ɖe wo ŋu azɔ. 21Yosua kple Israelviwo kpɔ be xadelawo xɔ dua, eye wotɔ dzoe. Ale wotrɔ ɖe Aitɔwo ŋu, eye wode asi wo wuwu me. 22Israelvi siwo ge ɖe dua me hã do va, ale wotsɔ Aitɔwo ɖe to me, eye wowu wo katã; ame ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe ahayi sisí ge o, 23negbe Ai-fia la ko. Wolé eya agbagbee, eye wokplɔe va Yosua gbɔe.
24Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo katã nyà wo ɖe nu le gbedadaƒo kple yi vɔ keŋ la, wotrɔ va Ai-dua me, eye wowu ame sia ame kple yi. 25Ame siwo katã wowu gbe ma gbe la ƒe xexlẽme de akpe wui eve sɔŋ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. 26Elabe Yosua megbugbɔ eƒe asi si wòtsɔ do akplɔ la ɖe dzi ɖe megbe o, va se ɖe esime wotsrɔ̃ Ai-dua me tɔwo katã. 27Israelviwo ha aboyonuwo kple nyihawo na wo ɖokui, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Yosua ene. 28Ale Yosua tɔ dzo Ai-dua wòfiã keŋkeŋ, eye wòzu aƒedo va se ɖe egbe. 29Ede ka ve na Ai-fia ɖe ati aɖe me, eye wòna eƒe kukua nɔ afi ma va se ɖe fiẽ. Esi ɣe yina to ɖo ge la, ena woɖe ame kukua le afi ma, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu. Wofɔ kpewo li kɔ gã aɖe ɖe edzi. Kpekɔa gale afi ma va se ɖe egbe.
Yosua xlẽ Mawu ƒe se la na Israelviwo le Ebal-to dzi
30 #
Mos V, 27.2-8. Azɔ la, Yosua ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ, Israel Mawu la ɖe Ebal-to dzi. 31#Mos II, 20.25.Eɖii abe ale si Aƒetɔ ƒe dɔla Mose gblɔ be woaɖii ene le nya si le segbalẽa me la nu. Nu si woŋlɔ ɖi lae nye be: “Vɔsamlekpui si woɖi kple kpe blibo siwo ŋu gakpe meka kpɔ o la.” Le vɔsa gbãtɔ si wowɔ le edzi me la, wotɔ dzo lã la katã na Aƒetɔ ɖeɖe ko, eye le evelia si wogawɔ le edzi gome la, vɔsalawo ɖu lã la ƒe ɖe. 32Azɔ la, Israelviwo nɔ Yosua kpɔm wòŋlɔ Mose ƒe seawo ɖe kpeawo dzi le wo ŋkume. 33#Mos V, 11.29; 27.11-14.Tete Israelviwo katã: eɖanye ame tsitsi, alo dzikpɔla alo ʋɔnudrɔ̃la o, eɖanye ɖevi alo amedzro o, wo katã wole tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ƒe axa eveawo dzi, dze ŋgɔ nunɔla siwo nye Levitɔwo, eye wotsɔ aɖakaa la. Dukɔ la ƒe afã le tsitre ɖe Gerizim-to la ŋgɔ, eye afã hã le tsitre ɖe Ebal-to la ŋgɔ. Aleae Mawu ƒe dɔla Mose bia tso wo si be woawɔ ne woƒe yayraxɔɣi ɖo. 34Tete Yosua xlẽ seawo katã, yayratɔwo kple fiƒodetɔwo, sesĩe na wo pɛpɛpɛ, abe ale si woŋlɔ wo ɖe segbalẽa me la ene. 35Exlẽ se siwo katã Mose de la na takpelaawo keŋ; nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzrowo siaa. Sea ƒe akpa aɖeke mesusɔ si mexlẽ na wo o.
Currently Selected:
Yosua 8: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.