Bible App logo
Search Icon

Yosua 7

7
Axan da Aƒetɔ ƒe se dzi
1Ke Israel-dukɔ la mewɔ nuteƒe na Mawu le busunu siwo wòbe ame aɖeke megatsɔ o la ƒe nya me o. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Axan la tsɔ busunuawo ƒe ɖewo ɣla na eɖokui ale be Aƒetɔ do dɔmedzoe vevie ɖe Israel-dukɔ la ŋu. Axan sia tso Zerax ƒe ƒome me le Yuda-to la me. Tɔ́a ŋkɔe nye Karmi, eye tɔgbuia ŋkɔe nye Sabdi. 2Yosua dɔ ŋutsu aɖewo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, du aɖe si le Betel ƒe ɣedzeƒe le Bet-Aven gbɔ eye wògblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa ŋku le anyigba la me.” Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai. 3Wogbɔ, va gblɔ na Yosua be: “Mehiã be aʋakɔ blibo la nayi afi ma o, elabe ame mesɔ gbɔ le dua me o. Ne ame akpe eve alo etɔ̃ ko yi la, woate ŋu asi dua.” 4Ale woɖo ame akpe etɔ̃ lɔƒo ko ɖa. Ke Israelviwo sí le Aitɔwo nu! 5Aitɔwo wu wo dome ame bla etɔ̃ vɔ ade. Wonyà wo ɖe nu tso dua ƒe agbo nu va se ɖe Sebarim#7.5 SEBARIM: Sebarim gɔmee nye kpeʋe. si le afi ma lɔƒo la me ke, eye wosi wo le aga aɖe nu. Dzi ɖe le Israelviwo ƒo; vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.
6Yosua kple dumegãwo dze woƒe awuwo, xlã wo ɖokui ɖi, lɔ ke kɔ ɖe tame, eye wotsyɔ mo anyi ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ va se ɖe fiẽ. 7Tete Yosua gblɔ be: “Aƒetɔ Mawu, nu ka ta nèhekplɔ dukɔa tsò Yordan-tɔsisi lae? Ðe nèkplɔ mí vɛ be yeade asi na Amoritɔwo ne woatsrɔ̃a? Ne ɖe míetsi Yordan godo la, ne enyo na mí wu! 8Aƒetɔ, taflatsɛ, esi Israel-dukɔ la sí le woƒe futɔwo nu fifia ɖe, ale ke gblɔ ge mala? 9Gawu la, Kanaanitɔwo kple ame bubuawo le nutoa me godoo le nya sia se ge tsã. Ekema woaɖe to ɖe mí, eye woawu mía dome ame sia ame. Ekema ɖe, ale ke wɔ ge nàla be bubu naganɔ ŋuwò?”
10Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Tsi tre! Nu ka ta nètsyɔ mo anyi? 11Nu vɔ̃e Israel wɔ! Wotu nu, si mebla kpli wo la. Wotsɔ busunuawo ƒe ɖewo. Wofi wo wɔ alakpanu. Gawu la, wotsɔ busunuawo ɣla ɖe woƒe nuwo dome. 12Esia tae Israelviwo megate ŋu le te nɔm ɖe woƒe futɔwo nu o ɖo. Woasí le futɔwo nu elabe fiƒode le wo dzi be woatsrɔ̃ godoo. Nyemaganɔ kpli mi azɔ o, negbe ɖe mieɖe busunuawo ɖa le mia dome. 13Tsi tre nàkɔ dukɔ la ŋuti! Gblɔ na wo be woakɔ wo ɖokui ŋuti hena etsɔ si gbɔna la. Elabe nya si gblɔm Aƒetɔ, Israel Mawu la, le nye esi: ‘Israel, mebe busunuawo le mia dome! Miagate ŋu anɔ te ɖe miaƒe futɔwo nu azɔ o, negbe ɖe mieɖe nuawo ɖa le mia dome hafi!’ 14Eya ta le ŋdi me la, miava ŋkunye me, ame sia ame nanɔ to si me wòtso la me. To si dzi matɔ asii la, nado va ŋgɔgbe, eye ame sia ame nanɔ ƒome si me wòtso la me. Ƒome si dzi matɔ asii la, nado va ŋgɔ, eye ame sia ame nanɔ aƒe si me wòtso la me. Aƒe si dzi matɔ asii la, nado va ŋkunye me, eye ŋutsuwo nado va ɖekaɖeka. 15Ŋutsu si dzi metɔ asii, eye busunuawo le esi la, woatɔ dzo eya kple eƒe nuwo katã, elabe etu Aƒetɔ ƒe nubabla, eye wòwɔ ŋukpenanu le Israel.”
16Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yosua kplɔ Israel-dukɔ la vɛ, le woƒe toawo me. Tete wotɔ asi Yuda-to dzi. 17Ena ƒome siwo le Yuda-to la me la te va ɖekaɖeka, eye wotɔ asi Zerax ƒome dzi. Ena Zerax ƒome la me tɔwo te va ɖekaɖeka, eye wotɔ asi Zabdi ƒe aƒe dzi. 18Azɔ la, Yosua na Zabdi ƒemeŋutsuwo te va ɖekaɖeka. Tete asi su Axan, Karmi vi la dzi. Axan nye Zabdi tɔgbuiyɔvi, eye Zabdi tɔ́e nye Zerax. 19Yosua gblɔ na Axan be: “Vinye, le Aƒetɔ, Israel Mawu la ŋkume, to nyateƒe, eye nàʋu ɖokuiwò me. Fifia, gblɔ nu si nèwɔ la nam; mègaɣlae ɖem o.” 20Axan ɖo eŋu be: “Nyateƒee, mewɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ, Israel Mawu la ŋu. Nu si mewɔ lae nye be 21le nu siwo míeɖe aboyoe me la, mekpɔ nanewo siwo biã ŋu nam ŋutɔ, eye metsɔ wo. Nuawoe nye Babiloniatɔwo ƒe awu ʋlaya nyui aɖe, klosalo si ƒe kpekpeme wu kilo eve kple sika si ƒe kpekpeme wu kilo afã. Meyi ɖaɖi wo ɖe nye agbadɔ me le titina; klosalo la le wo gɔme.
22Ale Yosua dɔ amewo ɖo ɖe agbadɔ la me, eye woƒu du yi. Tete wokpɔ busunuawo le afi ma vavã; klosalo la le wo gɔme. 23Wofɔ nuawo le agbadɔ la me vɛ na Yosua kple Israel-dukɔ blibo la, eye wotsɔ wo ɖo Aƒetɔ ŋkume. 24Tete Yosua kple Israelviwo katã lé Axan, Zerax vi la. Wotsɔ klosalo la, awu ʋlaya la kple sika la, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo, nyi, tedzi kple alẽwo kple eƒe agbadɔ kpakple nu siwo katã le esi la kpe ɖe eŋu va Axor-bali me. 25Yosua biae be: “Nu ka ta nèhe fukpekpe sia va mía dzi? Aƒetɔ ana wò hã nakpe fu egbe!” Tete Israelviwo katã ƒu kpe Axan wòku. Woƒu kpe srɔ̃a kple viawo hã, eye wotɔ dzo wo kple woƒe nunɔamesiwo wofiã keŋkeŋ. 26Wofɔ kpewo li kɔ gã aɖe ɖe wo dzi. Kpekɔ la gali va se ɖe egbe. Tete Aƒetɔ ƒe dzi fa. Eya ta woyɔa teƒe ma be Axor-bali.#7.26 AXOR-BALI: Axor-bali gɔmee nye Fubali.

Currently Selected:

Yosua 7: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in