Bible App logo
Search Icon

Yosua 2

2
Yosua dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe Yerixo
1 # Heb 11.31; Yak 2.25. Yosua, Nun vi la, dɔ ŋutsu eve tso asaɖa si le Sitim la me le adzame ɖo ɖe Kanaan-nyigba dzi. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la dzi nyuie, eye mialé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito, vevietɔ milé ŋku ɖe Yerixo-dua ŋu.” Amedɔdɔawo yi, eye woge ɖe gbolo aɖe si ŋkɔe nye Raxab la ƒeme hedze egbɔ. 2Ke amewo yi ɖagblɔ na Yerixo-fia be: “Kpɔ ɖa, Israel-ŋutsu aɖewo va afii egbe zã be woatsa ŋku le míaƒe anyigba la me.” 3Ale Yerixo-fia gblɔ ɖo ɖe Raxab be: “Ame siwo va dze gbɔwò la, ɖe wova be yewoatsa le anyigba blibo la dzi alé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito, eya ta kplɔ wo vɛ nam.” 4Ke nyɔnua ɖo eŋu be: “Ele eme be ŋutsu aɖewo va gbɔnye baa, ke nyemenya afi si wotso va o. 5Esi ɣe yina to ɖo ge la, wodzo hafi wodo agbo la. Nyemenya afi si woɖo tae o. Midze wo yome kaba; miele wo tu ge le mɔ dzi.” 6Ke do ŋgɔ la, Raxab na ŋutsu eveawo yi ɖe eƒe xɔ tame, eye wòlɔ ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la tsyɔ wo dzi. 7Ale fia ƒe amedɔdɔawo do le dua me, eye wodo agbo la. Woti ŋkutsalaawo yome ʋuu va ɖo tɔtsoƒe le Yordan-tɔsisi la nu.
8Hafi ŋkutsalaawo nadɔ alɔ̃ la, Raxab yi ɖe wo gbɔ le xɔa tame. 9Egblɔ na wo be: “Menya be Aƒetɔ tsɔ anyigba sia na mi. Le ŋɔdzi si le mia ŋu ta la, mí anyigba sia dzi nɔlawo katã míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ. 10#Mos II, 14.21; Mos IV, 21.21-35. Míese ale si Aƒetɔ na Aƒlaƒu la mie zu ƒuƒuiƒe le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte. Ale si mietu nu kple Sixon kple Og, Amori-fiawo, le Yordan godo hetsrɔ̃ wo gbidigbidi la hã le nyanya na mí. 11Esi míese nya siawo le mia ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo mí katã, dzi ɖe le ame sia ame ƒo, eye míele mia vɔ̃m ŋutɔ. Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la, le keke dziƒo ke, eye wògale anyigba dzi afii hã. 12Fifia la, mità Aƒetɔ be yewole tɔ́nye ƒometɔwo nu ve ge, alé be na wo, abe ale si nye hã meve mia nu, eye melé be na mii ene. Medi be miaɖo kpe edzi nam kple dzesi aɖe. 13Mika ɖe edzi nam be nɔnye kple tɔ́nye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo kpakple woƒe ƒometɔwo katã le agbe tsi ge, yewole mía xɔ ge ɖe agbe.” 14Ŋutsuawo gblɔ nɛ be: “Ne mègblɔ nu si wɔ ge míeva la ame aɖeke se o, eye Aƒetɔ tsɔ anyigba sia na mí la, ekema míawo hã míaɖi anukware, ave mia nu, alé be na mi. Evɔ ne míewɔ míaƒe nya dzi o la, Mawu netsrɔ̃ mí ɖe mia teƒe!”
15Azɔ la, gli si ƒo xlã Yerixo-dua la ƒe akpa aɖe nye aƒe si me Raxab nɔ la ƒe gli. Ale wòna ŋutsuawo ɖiɖi kple ka to fesre nu ɖe anyi. 16Egblɔ na wo be: “Miyi ɖe toawo dzi, be mia yometilawo nagakpɔ mi o. Mibè ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime woatrɔ agbɔ. Emegbe la, miate ŋu adzo ayi.” 17Ŋutsuawo gblɔ nɛ be: “Míawɔ atam si nèna míeka na wò la dzi. 18Kpɔ ɖa, nu si míadi be nàwɔ ne míegbugbɔ va anyigba sia dzi lae nye esi: sa ka dzĩ sia ɖe fesre si nu nèna míeɖiɖi to la ŋu. Kplɔ tɔ́wò ƒometɔwo katã va ƒo ƒu ɖe aƒewò me, afii. 19Ne wo dometɔ aɖe do le aƒea me yi ablɔ me, eye nane wɔe la, eka eya ŋutɔ; menye míaƒe nya o. Evɔ nenye be wowu ame aɖe le aƒewò me la, ekema míedo hlɔ̃. 20Ke ne ègblɔ nu si wɔ ge míeva ame aɖe se la, ekema ne míetu atam si nèna míeka na wò la, mía tɔ dzɔ.” 21Raxab gblɔ na wo be: “Meda asi ɖe miaƒe nya la dzi.” Ena ŋutsuawo dzo. Esa ka dzĩ la ɖe fesre la ŋu.
22Ŋutsuawo dzo, eye woyi ɖabè ɖe toawo dome ŋkeke etɔ̃. Ame siwo ti wo yome la tsa di wo le mɔa katã dzi ʋuu, gake womekpɔ wo o. Ale wogbugbɔ yi Yerixo-dua me. 23Emegbe ŋutsu eveawo gbɔ va Yosua, Nun vi la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ. 24Wogblɔ nɛ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o, be Aƒetɔ tsɔ anyigba la katã na mí. Kpɔ ɖa, esi anyigba la dzi nɔlawo nyase mía ŋkɔ ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.”

Currently Selected:

Yosua 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in