Yosua 16
16
Anyigba si Yosua ka na Efrayim-to la kple Manase-to si le ɣetoɖoƒe gome
1Anyigba si Yosua ka na Yosef ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigbemeliƒo la dze egɔme tso Yordan-tɔsisi nu le Yerixo gbɔ, eye wòto Yerixo-tɔʋuwo ƒe ɣedzeƒe gome heɖo ta gbedadaƒo la. Azɔ etso Yerixo heto toawo dzi va se ɖe keke Betel ke. 2Liƒo la gatso Betel va ɖo Luz, eye wòto Arkitɔwo ƒe anyigba me va se ɖe Atarot. 3Azɔ la eɖo ta ɣetoɖoƒe gome va to Yafletitɔwo ƒe anyigba ŋu do ɖe keke Bet-Xoron-nyigba ƒe anyigbeme. Liƒo la yi edzi tso afi ma va do ɖe Gezer, eye wòwu enu ɖe Domeƒu nu.
4Anyigba siae Yosef viwo, Manase-to kple Efrayim-to xɔ abe woƒe domenyinu ene.
Anyigba si Yosua ka na Efrayim viwo ƒe to la
5Anyigba si Efrayim viwo xɔ ɖe woƒe ƒomeawo nu lae nye esi: Eƒe ɣedzeƒeliƒo tso Aterot-Adar va se ɖe Bet-Xoron ƒe dzigbeme, 6eye wòmlo to afi ma yi ɖatu Domeƒu la. Dzigbemeliƒo la tso Mixmetat hemlo to Taanat-Silo ƒe ɣedzeƒe eye wòto eƒe ɣedzeƒe gome va se ɖe Yanoax. 7Etso Yanoax va to Atarot kple Naarat heto Yerixo ŋu va se ɖe Yordan-tɔsisi la nu. 8Ɣetoɖoƒeliƒo la tso Tapuax to Kana-tɔʋu ŋu va wu enu ɖe Domeƒu la nu. Anyigba siae Efrayim viwo ƒe to la xɔ abe woƒe domenyinu ene, ɖe woƒe ƒomeawo nu. 9Hekpe ɖe anyigba sia ŋu la, wotia du kple kɔƒe aɖewo le Manase viwo ƒe to la ƒe anyigba me siwo nye Efrayim viwo ƒe to la tɔ. 10#Ɖel 1.29. Ke Efrayim viwo menyà Kanaanitɔ siwo le Gezer la ɖa le woƒe anyigba dzi o, eya ta Kanaanitɔwo tsi Efrayim viwo dome va se ɖe egbe. Ke wonana wowɔa dɔ na wo abe woƒe kluviwo ene.
Currently Selected:
Yosua 16: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.