Yoel 3
3
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo
1Aƒetɔ be: “Le ɣe ma ɣi me la, makplɔ aboyomewo agbɔ va Yuda kple Yerusalem.#3.1: Le Hebri Biblia me la, Ta 4.1 dze egɔme tso afi sia. 2Maƒo dukɔwo katã nu ƒu akplɔ ayi Yehosafat-bali me. Madrɔ̃ ʋɔnu wo le afi ma le nu siwo wowɔ ɖe nye dukɔ kple nye domenyinu Israel ŋu la ta. Wona nye amewo kaka ɖe dukɔwo dome, eye woma nye anyigba. 3Wodzidze nu ɖe nye amewo dzi. Wode gbolo gbɔ tsɔ ŋutsuvi xe fe nɛ. Wodzra nyɔnuvi tsɔ dze wain no.
4 #
Yes 23.1-18; Xez 26.1—28.26; Amos 1.9, 10; Zax 9.1-4; Mat 11.21, 22; Luk 10.13, 14. #
Yes 14.29-31; Yer 47.1-7; Xez 25.15-17; Amos 1.6-8; Zef 2.4-7; Zax 9.5-7. “Nu kae miedi be yewoawɔ ɖe ŋunye, Tiro, Sidon kple Filistitɔwo ƒe nutomewo? Wɔɖenue miedi be yewoawɔ nam loo? Ne eyae la, ekema nye asi atre tsɔtsɔ na mia tɔ. Maɖo nu si miewɔ ɖe ŋunye la teƒe na mi kaba alɔtsɔtsɔe. 5Miawoe lɔ nye klosalo kple sika dzoe, eye mietsɔ nye kesinɔnu veviwo yi ɖada ɖe miaƒe gbedoxɔwo me. 6Mietsɔ Yudaviwo kple Yerusalemviwo dzra na Helatɔwo be woakplɔ wo adzoe tso wo de ayi adzɔge ke. 7Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso teƒe siwo woƒle wo yii la agbɔe, eye maɖo nu si miewɔ la teƒe na mi. 8Madzra mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo na Yudatɔwo. Woawo aɖadzra wo na Sabatɔwo, le tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe. Nye Aƒetɔ lae gblɔe.”
9Miɖe gbeƒã nya sia na dukɔwo be:
Mikɔ mia ɖokui ŋu.
Mibla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu.
Miʋuʋu kalẽtɔwo ne woatso.
Aʋawɔlawo katã nedo,
Wonete va!
10 #
Yes 2.4; Mika 4.3. Mitsɔ miaƒe kodzoewo tu yiwoe.
Mitsɔ miaƒe hɛ gobɛwo tu akplɔwoe.
Ame beli negblɔ be: “Nyee nye aʋakalẽa.”
11Netsɔ! Miva!
Mi dukɔ siwo katã ƒo xlã mí la.
Miyi ɖaƒo ƒu ɖe afi ma.
O Aƒetɔ, kplɔ wò kalẽtɔwo vɛ!
12Dukɔwo neho
ne woava Yehosafat-bali me.
Afi mae mabɔbɔ nɔ anyi ɖo glì,
adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo akpe ɖo.
13 # Nyaɖ 14.14-16;
Nyaɖ 14.19, 20; 19.15. Minyè hɛ gobɛwo
elabe nuŋeɣi ɖo.
Miva, mifanya nu
abe ale si wofanyaa kutsetse ɖiɖiwo le wainfiãƒe,
va se ɖe esime wainfiãnu la yɔna,
gbagbana ene.
Woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ eme.
14Ame akpewo, akpeakpewo ɖi anyi
ɖe nyametsobali la me.
Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe
le nyametsobali la me.
15Ɣe kple ɣleti do viviti;
ɣletiviwo gbe keklẽ.
Mawu ayra eƒe amewo
16 #
Amos 1.2. Aƒetɔ le gbe ɖem tso Zion,
eƒe gbe le dzi dem bobobo tso Yerusalem;
dziƒowo kple anyigba ʋuʋu.
Ke Aƒetɔ nye sitsoƒe
na eƒe dukɔ
kple mɔ́ sesẽ na Israel.
17“Azɔ la, miadze sii
be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la.
Mele Zion, nye to kɔkɔe la dzi.
Yerusalem anye du kɔkɔe,
futɔwo ƒe aʋakɔ aɖeke magava to eme ayi gbeɖe o.
18“Le ɣe ma ɣi me la, towo atsyɔ wain yeye;
togbɛwo aɖuɖu notsi,
eye tsi ayɔ Yuda-tɔʋuwo
katã agbagba.
Tsi aŋɔ bababa tso Aƒetɔ ƒe aƒe la me
aɖade tsi nuwo le Xeti-bali la me.
19Egipte azu aƒedo
eye Edom azu gbegbe ɖiƒuƒlu
le ale si wosẽ ŋuta le Yudaviwo ŋu,
eye wokɔ woƒe ʋu maɖifɔ ɖi
le woawo ŋutɔ ƒe
anyigba dzi la ta.
20Ke ame anɔ Yuda
kple Yerusalem tegbee.
21Mabia hlɔ̃ ɖe ame siwo wowu la nu.
Nyemaɖe asi le agɔdzela ŋu o.
Nye Aƒetɔ manɔ Zion.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.