Yoel 2
2
Ʋetsuviwo ƒe vava ɖee fia be Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna
1Miku kpẽ le Zion,
miƒu asi nu le nye to kɔkɔe la dzi!
Mina anyigba dzi nɔlawo katã
nadzo nyànyanya!
Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna;
etu aƒe vɔ!
2Viviti tsiɖitsiɖi kple blukɔ dogbe;
alilikpo kple tsizi dogbe ye!
Ʋetsuviwo ƒe aʋakɔ gãwo aho
abe vivitie do ɖe to ŋu ene.
Etɔgbe medzɔ kpɔ o,
magadzɔ hã akpɔ le dzidzime
siwo katã gbɔna la me o.
3Wole atiwo ɖum le ŋgɔ kple megbe
abe ale si dzo fiãa nu,
eye dzo ƒe aɖe gblẽa nui ene.
Wo ŋgɔ le abe Eden-bɔ me ene,
ke wo megbe zu abe gbedadaƒo ɖeɖe ene.
Naneke mete ŋu sí le wo nu o.
4 #
Nyaɖ 9.7-9. Woɖi sɔ,
eye wole du dzi
abe sɔwoe le aʋagbedzi ene.
5Wole kpo tim le towo ŋu,
eye woƒe nuwɔna le ɖiɖim
abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene.
Wole zi nyem
abe dzoe le gbe ƒuƒu fiãm ene.
Wodze aʋa abe aʋakɔ gã aɖe ene.
6Ne wote tu amewo la,
dzidzi ƒoa ame sia me,
eye mowo funa títiti.
7Ʋetsuviawo le du dzi abe kalẽtɔwo ene,
ɖe sia ɖe to ŋgɔ tẽe,
ɖeke medze to nɔvia ƒe toƒe,
8alo mimi nɔvia ɖo o.
Wogblẽ aʋawɔnu ɖe sia ɖe
si le woƒe mɔ me la dome;
naneke mexe mɔ na wo o.
9Wolũ ɖe dua dzi;
wole du ƒum le gliwo dzi
le gegem ɖe xɔwo me,
ɖewo ya to fesre nu abe fiafitɔ ene.
10 #
Nyaɖ 8.12. Esime wogbɔna la,
anyigba dzo kpèkpekpe;
dziƒo ʋuʋu;
ɣe kple ɣleti do viviti;
ɣletiviwo gbe keklẽ.
11 #
Nyaɖ 6.17. Aƒetɔ le gbe ɖem na eƒe aʋakɔ.
Aʋawɔlaawo sɔ gbɔ, sesẽ
eye woɖoa toe.
Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tri akɔ;
edzi ŋɔ ŋutɔ.
Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
Aƒetɔ gblɔ na eƒe amewo be woatrɔ dzime
12Aƒetɔ be:
“Mitrɔ dzime
miatrɔ va gbɔnye
to nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa me.
13Mitrɔ dzime tso ememe ke.
Migadze miaƒe awuwo me ko o.”
Mitrɔ va Aƒetɔ, mia Mawu la gbɔ.
Ðe wòvea ame nu,
kpɔa nublanui na ame
eye wògbɔa dzi blewuu;
eƒe lɔlɔ̃ metrɔna o.
Etsɔa vɔ̃ kena;
tohehe na ame venɛ.
14Ðewohĩ Aƒetɔ, mia Mawu
atrɔ susu, agayra mi
eye nukuwo aganyo na mi fũu
ale be miagakpɔ bli kple wain ava sa vɔ nɛ.
15Miku kpẽ la le Zion-to dzi.
Miwɔ nutsitsidɔ kɔkɔe;
miyɔ takpekpe tɔxɛ!
16Miƒo dukɔmetɔwo nu ƒu,
mikɔ wo ŋu.
Miyɔ ame tsitsiwo vɛ;
ɖeviwo kple vi nonowo gɔ̃ hã neva.
Mina ŋugbetɔ kple srɔ̃a
nado le xɔ me va.
17 #
Mak I, 7.36-38. Mina nunɔlawo, Aƒetɔ ƒe subɔlawo
nafa avi le akpata la
kple vɔsamlekpui la dome
agblɔ be:
“O, Aƒetɔ, kpɔ nublanui na wò amewo.
Mègana wò dukɔ la nazu
alɔmeɖenu na dukɔ bubuwo,
ale be woanɔ ahama sim le wo ŋu
anɔ gbɔgblɔm be:
‘Afi ka woƒe Mawu la le?’ mahã o.”
Mawu na anyigba la ganyo nu
18Tete anyigba la ƒe nu
wɔ nublanui na Aƒetɔ,
eye wòkpɔ nublanui na eƒe amewo.
19Aƒetɔ ɖo eŋu gblɔ na eƒe amewo be:
“Kpɔ ɖa, maɖo bli, wain kple ami ɖe mi,
ne miaɖu aɖi ƒo.
Nyemagana miazu alɔmeɖenu
le dukɔwo dome azɔ o.
20Maɖe ʋetsuvi ƒe aʋakɔ
si tso dzigbeme va la ɖa;
manyàe ɖo ɖe kuɖiɖinyigba dzi
kple gbegbe.
Manyà ŋgɔgbetɔwo ɖo ɖe Dzeƒu nu,
eye mana megbetɔwo naɖo ta
Domeƒu nu.
Mana woaƒaƒã anɔ ʋeʋẽm
le nu si wowɔ mi la ta.
21Anyigba, mègavɔ̃ o;
tso aseye nàkpɔ dzidzɔ
le nu gã si Aƒetɔ wɔ na wò la ta.
22Gbemelãwo, migavɔ̃ o,
elabe lãnyiƒewo ade ama,
atiwo atse kplanyaa
eye kutsetse ado agba
ɖe gboti kple wainka dzi.
23“Zionviwo, dzi nedzɔ mi!
Mitso aseye ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu,
elabe egana tsi dza na mi
le edzaɣi:
tsi dza le adame
tsi dza le keleme
abe ale si wòdzana ene.
24Lu ayɔ lugbɔƒe fũu,
wain kple ami ayɔ nuwo
agbagba le ahafiãƒe.
25Medɔ nye aʋakɔ gã la ɖa:
Ʋetsuvi, ʋetra, abɔ kple ŋɔ
wova gblẽ nuwo na mi.
Ke maɖo wo teƒe na mi.
26Azɔ miaɖu nu, aɖi ƒo,
eye miaƒe dzi adze eme.
Ale miakafu Aƒetɔ, mia Mawu,
ame si wɔ nukunuwo na mi.
Amewo magaɖe alɔ me
le nye dukɔ ŋu akpɔ gbeɖe o.
27Israel, àdze sii azɔ
be mele mia dome.
Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la;
bubu aɖeke megali o.
Amewo magaɖe alɔ me
le nye dukɔ ŋu akpɔ gbeɖe o.
Aƒetɔ ƒe ŋkeke la
28“Emegbe matrɔ nye gbɔgbɔ la
akɔ ɖe ame sia ame dzi:
Mia viŋutsuviwo kple mia vinyɔnuviwo
aɖe gbeƒã nye nya,
miaƒe amegãɖeɖiwo aku drɔ̃ewo,
eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.#2.28-32: Enye Ta 3 lia le Hebri Biblia me.
29“Ɣe ma ɣi la, matrɔ nye gbɔgbɔ la
akɔ ɖe nye nyɔnudɔlawo kple ŋutsudɔlawo gɔ̃ hã dzi.
30Mana nukunuwo nado ɖe dziŋgɔli ŋu kple anyigba dzi. Ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ wòanye. 31#Mat 24.29; Mar 13.24, 25; Luk 21.25; Nyaɖ 6.12, 13. Ɣe ado viviti; ɣleti abiã abe ʋu ene, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la naɖo. 32#Dɔw 2.17-21.#Rom 10.13. Ava eme be woaxɔ ame sia ame si yɔ Aƒetɔ la, ɖe agbe. Ame aɖewo así le afɔku la nu le Zion-to dzi kple Yerusalem. Sisíla siawo anye ame siwo woyɔ be woatsi agbe, abe ale si Aƒetɔ do ŋugbe ene.”
Currently Selected:
Yoel 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.