Skip to content

Hiob ƒe Agbalẽ 2

2
Satana gado Hiob kpɔ
1Gbe ɖeka la, Mawu viwo gava do ɖe Aƒetɔ ŋkume, eye Satana hã nɔ wo dome va. 2Aƒetɔ bia Satana be: “Afi ka nètso?” Satana ɖo eŋu be: “Metso tsatsa ge le anyigba dzi. Meɖi tsa le edzi katã.” 3Aƒetɔ bia Satana be: “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Mokaka mele eŋu o; enye ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri vɔ̃wɔwɔ. Eya gale nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzi ko togbɔ be nète ɖe dzinye be magblẽ edome, evɔ mewɔ naneke hafi o.” 4Satana ɖo eŋu be: “Ŋutigbalẽ gale ŋutigbalẽ te! Ne eɖo edzi la, gbetɔ atsɔ eƒe nu sia nu ana faa be yeatsi agbe. 5Ke ka asi ametia ŋu kpɔ! Aƒo fi ade wò le ŋkuwò me.” 6Ale Aƒetɔ gblɔ na Satana be: “Kpɔ ɖa, ele asiwò me; wɔ nu sia nu si nèlɔ̃ la, ɖeko mègaɖe eƒe agbe ɖa o.”
7Tete Satana dzo le Aƒetɔ gbɔ, eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ɖi te Hiob ƒe ŋutilã blibo la katã, tso dzodome va se ɖe afɔƒome. 8Hiob tsɔ konyifafa bɔbɔ nɔ dzowɔ me, eye wòtsɔ ze gbagbã kakɛ le ŋuti kukomee.
9Tete srɔ̃a gblɔ nɛ be: “Ègale wò nuteƒewɔwɔa dzi koa? Ƒo fi de Mawu nàku!” 10Ke Hiob ɖo eŋu nɛ be: “Èle nu ƒom abe nyɔnu movitɔ ene. Ne Mawu na nu nyui mí la, míexɔnɛ. Ne ena vɔ̃ mí ɖe, ɖe míaxɔe oa?” Le nu siawo katã me la, Hiob meke nu gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o.
Hiob xɔlɔ̃wo va kpɔe ɖa
11Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃ se dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe edzi la, eye woɖo gbe be yewoaɖakpɔe ɖa ase veve ɖe eti, afa akɔ nɛ. Xɔlɔ̃ siawoe nye: Elifaz tso Teman, Bildad tso Suax kple Zofar tso Naama. 12Esime wogbɔna le adzɔge ɖa la, wofɔ mo dzi kpɔ Hiob. Ke womekpɔe dze sii o. Ale wowó avi kple ɣli. Wodze woƒe awuwo, eye woku ke hlẽ ɖe ya me wòva kɔ ɖe woƒe tame vevesetɔe. 13Ŋkeke adrẽ, zã adrẽ wobɔbɔ nɔ anyigba le egbɔ, eye wo dometɔ aɖeke meke nu gblɔ nya aɖeke nɛ o, elabe wokpɔ be ele veve sem ale gbegbe.